bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Amos 4
Amos 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 5 →
1
“Samaria-nyɔnuwo, mi ame siwo da ami abe Basan-nyinɔwo ene. Mi ame siwo te ame dahewo ɖe anyi, gbã hiãtɔwo gudugudu, eye miegblɔna na mia srɔ̃wo be: ‘Ku aha vɛ míno!’ miɖo to miase nya sia.
2
Aƒetɔ Mawu Kɔkɔetɔ la tà eɖokui le gbɔgblɔm be: “Kpɔ ɖa, ɣeyiɣi li gbɔna, esime woaɖe mi kple ƒè ahe adzoe. Woahe ame mamlɛtɔ ke hã kple ƒè adzoe.
3
Miato dua ƒe gli gbagbãwo me, ame sia ame akpɔ ŋgɔ tẽe, eye woatsɔ mi aƒu gbe ɖe Harmon.” Aƒetɔ lae gblɔe.
4
“Israelviwo, miva Betel ne miawɔ nuvɔ̃. Miva Gilgal ne miawɔe ɖe edzi. Misa vɔ ŋdi, eye mitsɔ miaƒe nuwo ƒe akpa ewolia va na ŋkeke etɔ̃ sia ŋkeke etɔ̃.
5
Miyi ɖatsɔ abolo si me amɔwɔ ʋaʋã le la sa akpedadavɔ na Mawu, eye miaɖe gbeƒã, aƒo adegbe be yewona nu faa tso dzime. Elabe esia wɔwɔe dzɔa dzi na mi.” Aƒetɔ lae gblɔe.
6
“Nyee na dɔ to le miaƒe duwo katã me, ke miegbe be yewomatrɔ ava gbɔnye o.” Aƒetɔ lae gblɔe.
7
“Esime wòsusɔ ɣleti etɔ̃ ne miaŋe nu, eye miehiã tsidzadza vevie la, nye kee te tsi mi. Mena tsi dza le du ɖeka me, ke medza le bubu me o. Mena tsi dza le agble ɖeka me, ke agble evelia ya me ƒu kplákplakpla.
8
Amewo mua ya sagasaga tsoa du eve alo etɔ̃ me yia du ɖeka me be yewoano tsi, gake womeɖia kɔ o; ke miegbe mietrɔ va gbɔnye o.” Aƒetɔ lae gblɔe.
9
“Mena ŋdɔ sesẽ ɖu miaƒe nukuwo, eye dɔ dze wo dzi wotsi to nu. Ʋetsuviwo ɖu miaƒe abɔwo, waingblewo, kutsetsetiwo kple amitiwo, ke miegbe mietrɔ va gbɔnye o.” Aƒetɔ lae gblɔe.
10
“Mehe dɔ vɔ̃ va mia dzi abe ale si mehee va Egiptetɔwo dzii ene. Mena miaƒe ɖekakpuiwo tsi yi nu le aʋa me, eye futɔwo xɔ miaƒe sɔwo le mia si dzoe. Mena ame siwo ku le miaƒe asaɖa me la ƒe ʋeʋẽ ɖo ŋɔti me na mi; ke miegbe mietrɔ va gbɔnye o.” Aƒetɔ lae gblɔe.
11
“Metsɔ mi xlã ɖe anyi abe ale si Mawu xlã Sodom kple Gomora ɖe anyii ene, eye mienɔ abe ga yibɔ si woɖe le dzo me ene. Ke mietrɔ va gbɔnye o.” Aƒetɔ lae gblɔe.
12
“Israelviwo, midzra ɖo ne miado gom. Azɔ mele to he ge na mi.”
13
Elabe kpɔ ɖa, eya ame si wɔ towo kple yaƒoƒo, eye wòna amegbetɔ nya eƒe susu; eya ame si trɔa agudzedze wòzua zã, eye wòzɔa anyigba ƒe kɔkɔƒewo ke la, eŋkɔe nye: Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla!
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9