bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Amos 9
Amos 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
1
Mekpɔ Aƒetɔ wòle tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ. Egblɔ be: “Ƒo sɔtiwo ta sesĩe ale be wo gɔme naʋuʋu. Ŋe wo ƒu ameawo ƒe ta dzi. Mele ame mamlɛawo wu ge le aʋa me. Wo dometɔ aɖeke masí o; ɖeka hɔ̃ hã masusɔ o.
2
Ne woku do ge ɖe eme yi tsiẽƒe ke gɔ̃ hã, mahe wo tso afi ma vɛ. Ne wolia va dziƒo hã, maɖiɖi wo tso afi ma ɖe anyi.
3
Ne woyi ɖabè ɖe Karmel-to tame hã, nye asi atu wo le afi ma. Ne wosí le nunye yi ɖabè ɖe atsiaƒu gɔme ke hã, maɖe gbe na da wòaɖu wo le afi ma.
4
Ne woƒe futɔwo kplɔ wo ɖe ŋgɔ yi aboyo me gɔ̃ hã, mana woawu wo kple yi le afi ma. Nye ŋku anɔ wo ŋu woatsrɔ̃ kokoko; womatsi agbe gbeɖe o.”
5
Aƒetɔ, Aƒetɔ Aʋakɔwokplɔla la, ame si kaa asi anyigba ŋu wòlólona gbanaa, eye edzinɔlawo katã xaa nu, anyigba blibo la hona dzekee yia dzi dzea eme abe Nil-tɔsisi le Egipte ene;
6
ame si tso aƒe ɖe edzi, eye wòna dziŋgɔli tsyɔ anyigba dzi; ame si yɔ tsiwo tso atsiaƒu me, eye wòtsɔ wo kɔ ɖe anyigba dzi la, eyama ŋkɔe nye Aƒetɔ.
7
Azɔ la, Aƒetɔ be: “Israelviwo, miawo hã menye ɖeko miele nam abe Etiopiatɔwo ene oa? Ɖe nyemekplɔ Filistitɔwo tso Kreta, eye mekplɔ Siriatɔwo hã tso Kir abe ale si mekplɔ Israel hã tso Egipte-nyigba dzi ene oa?
8
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Mawu ƒe ŋku le Israel-fiaɖuƒe wɔnuvɔ̃ sia ŋu, eye matsrɔ̃ mi le anyigba dzi. Ke ɖeko nyematsrɔ̃ Yakob ƒe dzidzimeviwo katã o.” Aƒetɔ lae gblɔe.
9
“Kpɔ ɖa, maɖe gbe, aʋuʋu Israel-dukɔ la le dukɔwo dome, abe ale si wosraa ke le nusranu me, eye kpeku aɖeke megena o ene.
10
Nu vɔ̃ wɔla siwo katã le nye dukɔ me la atsi yi nu. Woawo ame siwo le gbɔgblɔm be: ‘Dzɔgbevɔ̃e aɖeke natu mí loo, alo alili mí o.’ ”
11
“Ɣe ma ɣi la, magbugbɔ David ƒe aƒe si gbã la atso. Maɖɔ gbagbãƒeawo ɖo, eye mafɔ eƒe glikpowo ɖe tsitrenu, eye magatui abe tsã ene.
12
Israel-dukɔ la agaxɔ Edom-nyigba ƒe akpa si susɔ kple dukɔ bubu siwo katã dzi wòɖu nam va yi.” Aƒetɔ, ame si le nu siawo wɔ ge godoo lae gblɔe.
13
Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, ŋkekewo gbɔna esime anyigba aganyo nuku vevie. Nukuwo aʋã ale gbegbe be nuŋelawo anɔ nu ŋem nuŋlɔɣi nagaɖo. Woanɔ waintsetsewo fiãm nuƒãɣi nagaɖo. Aha yeye atsyɔ tso towo ŋu, eye wòasí le togbɛwo katã ŋu.
14
Magbugbɔ nye dukɔ Israel ƒe nunyonamewo aɖo te, eye woagbugbɔ woƒe duwo atso anɔ wo me. Woade waingble ano emeha. Woatɔ abɔ ado nu ɖe eme aɖu.
15
Mado wo abe ati ene ɖe woƒe anyigba dzi; womagaho wo tso anyigba si mena wo la dzi akpɔ gbeɖe o.” Aƒetɔ, mia Mawu lae gblɔe.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9