bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Amos 2
Amos 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 3 →
1
Aƒetɔ be: “Moabtɔwo wɔ nuvɔ̃ nuvɔ̃wo, eye wogale wo wɔwɔ dzi. Eya ta mahe to na wo godoo. Wotɔ dzo Edom-fia ƒe ƒuwo wofiã zu akalo.
2
Le esia ta, mana dzo afiã nu le Moab-nyigba dzi, eye wòabi Keriot ƒe mɔ́ sesẽwo keŋkeŋ. Zi atɔ, kalẽtɔwo anɔ ɣli dom, kpẽ anɔ ɖiɖim sesĩe, eye Moabtɔwo aku le ʋunyaʋunya la me.
3
Mawù Moab-fia kple eŋumewo katã le anyigba la dzi.” Aƒetɔ lae gblɔe.
4
Aƒetɔ be: “Yudatɔwo wɔ nuvɔ̃ nuvɔ̃wo, eye wogale wo wɔwɔ dzi. Eya ta mahe to na wo godoo. Wogbe Aƒetɔ ƒe sewo dzi wɔwɔ, eye womelé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi o. Ke wona alakpalegba siwo wo tɔgbuiwo subɔ la kplɔ wo trae boŋ.
5
Le esia ta, mana dzo afiã nu le Yuda-nyigba dzi, eye wòabi mɔ́ sesẽwo keŋkeŋ le Yerusalem-dua me.”
6
Aƒetɔ be: “Israeltɔwo wɔ nuvɔ̃ nuvɔ̃wo, eye wogale wo wɔwɔ dzi. Eya ta mahe to na wo godoo. Wodzra nu dzɔdzɔe wɔla ɖe klosalo nu. Nenema ke wodzra ame dahe ɖe atokota dodo ɖeka ƒe asi nu.
7
Wotea ame dahe ɖe to, eye womexɔa hiãtɔ ƒe nya dzɔdzɔe le ʋɔnu o. Vi kple tɔ́a ŋutɔ gɔ̃ hã dɔna kple ɖetugbi ɖeka ma ke heƒoa ɖi nye ŋkɔ.
8
Le woƒe mawusubɔƒewo la, womlɔa avɔ si le awɔba me le wo gbɔ la dzi, eye wonoa agɔdzeha si woxɔna le ame si la le mawuƒewo me.
9
“Evɔ wònye mia tae metsrɔ̃ Amoritɔwo ɖo. Togbɔ be wodzɔ atsu kɔ abe sederti ene, eye wosesẽ abe sesewu ene hã la, metsrɔ̃ wo keŋkeŋ abe ale si wohoa ati kple ke ene.
10
Gawu la, mekplɔ mi dzoe le Egipte-nyigba dzi, eye mena miezɔ gbedadaƒo ƒe bla ene sɔŋ va xɔ Amoritɔwo ƒe anyigba wòzu mia tɔ.
11
Metia mia viŋutsu aɖewo be woanye gbeƒãɖelawo, eye megatia miaƒe ɖekakpui aɖewo hã be woanye Mawu ƒe kluwo. Israelviwo, esia mele eme oa?” Aƒetɔ lae gblɔe.
12
“Ke miezi nye kluwo dzi be woano aha, eye miede se na nye gbeƒãɖelawo hã be womegaɖe gbeƒã nye gbedeasi o.
13
Kpɔ ɖa, mate mi ɖe anyi abe ale si wotea bligba ɖe keke dzi ene.
14
Afɔtsɔtsɔetɔ aŋlɔ sisí be, ŋusẽtɔ mate ŋu awɔ eƒe ŋusẽ ŋudɔ o, eye kalẽtɔ maɖe eƒe agbe o.
15
Nenema ke aŋutrɔdala manɔ te o, du sesẽ ƒula masí o, eye sɔdola maɖe eƒe agbe o.
16
Gbe ma gbe la, ame si nye dzideƒotɔ le kalẽawo dome gɔ̃ hã así adzo amamae.” Aƒetɔ lae gblɔe.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9