bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Amos 3
Amos 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 4 →
1
Israelviwo, mi dukɔ blibo si wokplɔ do go tso Egipte-nyigba dzi, miɖo to miase nya si Aƒetɔ gblɔ ɖe mia ŋu.
2
Ebe: “Miawo koe nye dukɔ si metia le dukɔ siwo katã le anyigba dzi la dome, eya ta mahe to na mi ɖe miaƒe nuvɔ̃wo katã ta.”
3
“Ðe ame eve ate ŋu adze mɔ ne womeɖo gbe ɖi oa?
4
Ðe dzata tsitsi ɖea gbe le ave me, ne menye nu wòkpɔ be yealé oa? Ðe dzata xlɔ̃na le enɔƒe, ne menye ɖe wòkpɔ nu lé oa?
5
Ðe xevi gena ɖe mɔ̀ me, ne wometre mɔ̀ ɖi nɛ oa? Mɔ̀ kae dana, ne menye nanee ge ɖe eme o?
6
Ame kae mevɔ̃na, ne aʋayikpẽ ɖi le du me o? Dzɔgbevɔ̃e kae dzɔna le du me, ne menye Aƒetɔ gbɔ wòtso o?
7
Le nyateƒe me la, Aƒetɔ Mawu mewɔa naneke o, dzaa ɖe wòɖe eƒe ɖoɖowo fia eƒe dɔla, gbeƒãɖelawo.
8
Dzata ɖe gbe, ame kae mavɔ̃ o? Aƒetɔ Mawu la ƒo nu, ame kae agbe gbeƒãɖeɖe?”
9
Miɖe gbeƒã na ame siwo le fiasãwo me le Asdod kple Egipte be: “Miƒo ƒu ɖe Samaria-towo dzi ne miakpɔ ale si wole ʋunyaʋunya wɔm, eye wote amewo ɖe anyi le afi mae la ɖa.”
10
Aƒetɔ be: “Ame siawo li kɔ nu siwo wokpɔ to nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple ŋutasesẽ me ɖe woƒe mɔ́ sesẽwo me gleglegle. Womeganya nu dzɔdzɔe wɔwɔ o.”
11
Le esia ta, Aƒetɔ be: “Futɔwo aɖe to ɖe woƒe anyigba godoo, akaka woƒe mɔwo, eye woaha woƒe fiasãmenuwo adzoe.”
12
Aƒetɔ be: “Abe ale si alẽkplɔla ɖea lã ƒe afɔti eve alo to kakɛ ko le dzata ƒe nu me ene la, nenema kee woaɖe Israelvi siwo le Samaria la hãe kple zikpui kakɛ kpakple abati ƒe dzogoe.”
13
“Misee, ne miatsɔe axlɔ̃ nu Yakob ƒe dzidzimeviwo.” Aƒetɔ Mawu, Mawu Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
14
“Gbe si gbe mahe to na Israelviwo ɖe woƒe nuvɔ̃ ta la, magbã Betel-vɔsamlekpuiwo. Woaŋe vɔsamlekpuiawo ƒe dzowo aƒu anyi.
15
Magbã vuvɔŋɔlixɔwo akpe ɖe dzomeŋɔli tɔwo ŋuti. Xɔ siwo woɖo atsyɔ̃ na kple nyiɖu agbã gudugudu, eye xɔ gã gãwo avɔ ɖa.” Aƒetɔ lae gblɔe.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9