bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Amos 6
Amos 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 7 →
1
Baba na mi, mi ame siwo ɖe dzi ɖi le Zion kple mi ame siwo ƒe to me fa le Samaria-du me. Miawoe nye dukɔ deŋgɔ sia ƒe ame ŋkuta vevi siwo gbɔ dukɔmetɔwo vana.
2
Miyi ɖakpɔ Kalne ɖa. Mito afi ma yi ɖakpɔ Xamat, du gã la kple Gat, Filistitɔwo ƒe du la ɖa. Ðe wonyo wu Yuda kple Israel-fiaɖuƒewoa? Ðe woƒe anyigba lolo wu mia tɔa?
3
Miele bubum be ŋkeke vɔ̃ la maɖo fifia o. Nu si wɔm miele la le ŋkeke vɔ̃ la hem vɛ boŋ.
4
“Baba na mi, mi ame siwo mlɔa anyi ɖe nyiɖubatiwo dzi, drana ɖe akpasawo me ɖua alẽvilã tso alẽhawo dome, eye mieɖua nyivilã tso nyikpo me.
5
Hakpakpa vivia mia nu abe David ene, eye mieƒoa haawo le kasaŋku dzi.
6
Mienoa wain le tre gãwo me, eye miesia ami ʋeʋẽe nyuitɔwo, ke mele mia vem be Yosef ƒe aƒe la le gbagbã ge o.
7
Eya ta miawoe anɔ ŋgɔ na aboyomeyilawo, eye miaƒe agbeɖuɖu vivivo la nu ayi keŋ.
8
Aƒetɔ Mawu tà eɖokui. Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla la be: “Dàda si le Yakob ƒeme la le ŋu nyɔm nam; metsri woƒe fiasãwo. Matsɔ woƒe du gã la kple emenu ɖe sia ɖe ana woƒe futɔ.”
9
Nenye be ame ewo susɔ ɖe aƒe ɖeka me la, woaku.
10
Ame kukua ƒe ƒometɔ si ŋkume amea ɖiɖi kpɔ la, ava be yeatsɔ ame kukua adzoe le aƒea me aɖatɔ dzoe. Ƒometɔ la ayɔ ame si susɔ ɖe aƒea me la abia be: “Ame aɖe susɔ kpe ɖe ŋuwòa?” Ame la aɖo eŋu be: “Ao!” Tete ƒometɔ la agblɔ be: “Zi ɖoɖoe. Mele be miayɔ Aƒetɔ ŋkɔ o.”
11
Elabe kpɔ ɖa, Aƒetɔ le gbe ɖe ge, eye xɔwo agbã gudugudu, gãtɔwo kple suetɔwo siaa.
12
Ðe sɔ ƒua du le aganua? Ðe wonaa nyitsu ŋlɔa nu le atsiaƒu dzia? Ke miawo ya mietrɔ nya dzɔdzɔe wòzu aɖi, eye mietrɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ metsonu wòzu veve.
13
Miele dzidzɔ kpɔm ɖe Lo-Debar ŋu, eye miele gbɔgblɔm dàdatɔe be: “Míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽe míetsɔ ɖu Karnaim dzii.”
14
Elabe kpɔ ɖa, Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla la be: “Israel-dukɔ, maɖo dukɔ aɖe me tɔwo ɖa woava xɔ miaƒe anyigba la. Woate mi ɖe anyi tso Xamat-mɔ nu le dzigbeme va se ɖe tɔʋu si le Araba ƒe anyigbeme.”
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9