bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Amos 5
Amos 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 6 →
1
Israelviwo, miɖo to ne miase konyifaha si dzi ge mala ɖe mia ŋu:
2
“Israel-dukɔ ɖetugbi la dze anyi! Magafɔ akpɔ o! Wogblẽe ɖi le eƒe anyigba dzi; ame meli afɔe o.”
3
Aƒetɔ Mawu be: “Ne du aɖe ho kple ame akpe ɖeka yi aʋa la, alafa ɖeka koe agbɔ, eye ne du bubu ho kple alafa la, ewo koe agbɔ le Israel.”
4
Aƒetɔ le gbɔgblɔm na Israelviwo be: “Miva gbɔnye ne mianɔ agbe!
5
Migayi Betel o, elabe ele gbagbã ge. Migayi Gilgal o, elabe emenɔlawo le aboyo me yi ge. Nenema ke migayi keke Beer-Seba hã o.”
6
Miva Aƒetɔ gbɔ ne mianɔ agbe. Ne menye nenem o la, aɖi va abe dzo ene, eye wòafiã Yosef ƒe aƒe la. Dzo la afiã amewo le Betel, eye etsila manɔ anyi o.
7
Baba na mi ame siwo trɔa nya dzɔdzɔe wòzua veve, eye wòvena wu atsà, eye mietea nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖe to.
8
Ame si wɔ ɣletivi atifieŋu, avu kple avutɔ; ame si trɔa viviti tsiɖitsiɖi wòzua kekeli, eye wòtrɔa ŋkeke wòzua zã. Ame si yɔ atsiaƒumetsiwo ƒo ƒu hetrɔ wo kɔ ɖe anyigba dzi. Eŋkɔe nye Aƒetɔ.
9
Eyae tsrɔ̃ ŋusẽtɔwo, eye wògbã woƒe mɔ́ gudugudu.
10
Mielé fu ame si xlɔ̃a nu ame le ʋɔnu, eye nyateƒetola ƒe nu kua dzi na mi.
11
Miete ame dahewo ɖe anyi, eye miexɔ blidzɔ le wo si. Eya ta togbɔ be mietu kpexɔ nyuiwo hã, miele wo me nɔ ge akpɔ o. Togbɔ be miede waingble siwo ʋã ŋutɔ hã, miele wo me wain no ge akpɔ o.
12
Elabe menya ale si gbegbe miaƒe dzidadawo sɔ gbɔe, eye miaƒe nuvɔ̃wo dzi ŋɔe. Miete nu dzɔdzɔe wɔla ɖe anyi, miexɔ zãnu, eye miebu fɔ ame dahe madzemadzee le ʋɔnu.
13
Le esia ta, ne ɣeyiɣia ɖo la, nunyala nezi ɖoɖoe, elabe ɣeyiɣi vɔ̃e wònye gbɔna.
14
Miwɔ nyui, menye vɔ̃ o, ne mianɔ agbe, eye Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla la nanɔ kpli mi, abe ale si miegblɔnɛ ene.
15
Milé fu vɔ̃wɔwɔ, eye mialɔ̃ nyuiwɔwɔ. Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe. Ðewohĩ Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla la ave Yosef ƒe dzidzime si susɔ la nu.
16
Ale Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla, Aƒetɔ la, gblɔ be: “Amewo anɔ konyi fam le ablɔwo katã me, eye bubuwo anɔ boboe dom hoo le kpɔdomeewo katã. Woayɔ agbledelawo gɔ̃ hã be woava fa konyi akpe ɖe kuteƒehadzilawo ŋu.
17
Ne meva to mia dome yi vɔ la, amewo anɔ konyi fam le waingblewo katã me.” Aƒetɔ lae gblɔe.
18
Mi ame siwo dzrom Aƒetɔ ƒe ŋkeke la le la, baba na mi. Viɖe ka le ŋkeke ma ŋu na mi? Elabe viviti wòanye, manye kekeli o.
19
Ŋkeke la anɔ abe ŋutsu aɖe si sí le dzata nu va do go sisiblisi ene! Alo ele abe ŋutsu aɖe si gbɔ va aƒeme tsɔ asi ɖo gli ŋu ko da ɖui ene.
20
Aƒetɔ ƒe ŋkeke la anye viviti, manye kekeli o; viviti tsiɖitsiɖi wòanye, eme makɔ kura o.
21
“Melé fu miaƒe ŋkekenyuiwo, eye miaƒe azãɖuɖuwo megadoa dzidzɔ nam o.
22
Mieɖamè nu sa vɔe nam o, mieɖasa nuɖuɖuvɔ nam o, nyemaxɔ wo akpɔ o. Gawu la, ne mietsɔ lã damitɔwo va nam abe vɔsanu ene be yewoakpɔ ŋutifafa hã la, nyemanye kɔ akpɔ wo teti hã o.
23
Mite ɖa le gbɔnye kple miaƒe hadzidziwo. Ɣli ko wonye le to me nam. Nyemedi be mase miaƒe kasaŋkuƒoƒo aɖeke o.
24
Le esia teƒe mina nya dzɔdzɔe nasí abe tsi ene, eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ natsa abe tɔ makumaku ene.
25
“Israelviwo, ɖe miesa akpedadavɔ alo nuɖuɖuvɔ nam le gbedadaƒo le ƒe bla eneawo mea?
26
Eya ta esi miesubɔ legba siwo nye miaƒe fia Sakut ƒe nɔnɔme kple miaƒe mawu Kevan ƒe ɣletivi ƒe nɔnɔme siwo miewɔ na mia ɖokui ta la, miatsɔ wo ɖe asi, hafi
27
makplɔ mi ayi aboyo me le Damasko godo.” Aƒetɔ, ame si ŋkɔe nye Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9