bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ecclesiastes 1
Ecclesiastes 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 2 →
1
Nyagblɔla, David vi, ame si nye fia le Yerusalem la, ƒe nyawoe nye esiwo gbɔna:
2
Nyagblɔla la be: Nu dzodzrowo ƒe nu dzodzro! Nu dzodzrowo ƒe nu dzodzro! Nu sia nu nye nu dzodzro!
3
Viɖe ka koŋ amegbetɔ kpɔna tso eƒe dagbadagba me le ɣea te?
4
Dzidzime ɖeka nu va yina bubu kplɔnɛ ɖo gake anyigba ya li tegbee.
5
Ɣe dzena, ɣe ɖoa to, eye wòɖea abla yia afi si wòdzena tso.
6
Ya ƒona yia anyigbeme, eye wòtrɔna vaa dzigbeme. Eƒoa xlã godoo, eye wòtrɔna godòo vaa afi si wòƒo tso.
7
Tɔwo gadzea egɔme sína yia atsiaƒu me, gake atsiaƒu meyɔna o. Afi si tɔwo sína ɖoa tae la, afi ma ko woyina ɖaa.
8
Ɖeɖi te nuwo katã ŋu, gbɔgblɔ glo gbetɔ. Nukpɔkpɔ meɖia ƒo na ŋku o. Nusese meyɔa to o.
9
Nu si nɔ anyi va yi la, eya kee gbɔna. Nu si dzɔ kpɔ la, eya kee gbɔna dzɔdzɔ ge; ale nu yeye aɖeke mele ɣea te o.
10
Nane li, si ŋu wogblɔ le be: “Mikpɔ ɖa, nu yeye nye esia!” mahã? Eli tso blema ke hafi míawo míeva dzɔ.
11
Egbetɔwo ŋlɔ blematɔwo be, nenema ke ame siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la hã, wo yometɔwo aŋlɔ wo be.
12
Nye nufiala la, meɖu fia le Yerusalem ɖe Israel-dukɔa dzi.
13
Meɖo tame be matsɔ nunya adzro nu siwo katã dzɔna le xexea me la me kpɔ, ne mase wo gɔme nyuie. Dɔ si me dzidzɔ mele o la wònye Mawu tsɔ de asi na amegbetɔviwo be woanɔ kutri kum le eŋu.
14
Esi melé ŋku ɖe nu siwo katã ame wɔna le ɣea te ŋu la, kpɔ ɖa, nu dzodzrowo sɔŋ ko wonye; yadɔ ko ye.
15
Nu si glɔ̃ la womate ŋu adzɔe o, eye nu si meli o la, womate ŋu axlẽe o.
16
Megblɔ le ɖokuinye me be: “Kpɔ ɖa, mede ŋgɔ eye menya nu geɖe wu fia siwo katã ɖu Yerusalem dzi do ŋgɔ nam la. Meto nunya kple sidzedze geɖe me.”
17
Medze agbagba be manya nu si nye sidzedze kple aɖaʋadzedze kpakple bometsitsi. Ke mekpɔe dze sii be esia hã, yadɔ ko ye.
18
Elabe sidzedze fũu hea dzimaɖeɖi hã vanɛ, eye ame si dzia eƒe nunya ɖe edzi la, dzia nuxaxa ɖe edzi.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12