bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ecclesiastes 10
Ecclesiastes 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 11 →
1
Nudzodzoe kuku le ami ʋeʋẽe me, nana be amia ʋẽna kũu. Ale movidzɔdzɔ ʋɛ aɖe kpèna wu nunya kple bubu.
2
Nunyala ƒe nugɔmesese kplɔnɛ toa mɔ nyuitɔ dzi; ke bometsila ƒe nugɔmesese kplɔnɛ tranae.
3
Ne bometsila le zɔzɔm le mɔ dzi yina la, nunya mele tagbɔ nɛ o; eya ta eɖea eɖokui fiaa amewo katã be bometsila yenye.
4
Ne wò dziɖula do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la, mègadzo le wò teƒe o, elabe ɖokuiléle kpoo tsia vodada gãwo nu.
5
Nu tovo aɖe mekpɔ le ɣea te; enye vodada gã. Ede dziɖula ƒe vodada ɖi ge.
6
Wotsɔ bometsila ɖo teƒe kɔkɔ ke, eye kesinɔtɔwo bɔbɔ nɔ teƒe gblɔewo.
7
Mekpɔ kluviwo le sɔ dzi; ke fiaviwo le afɔ zɔm abe kluviwo ene.
8
Ame sia ame si ɖe do la age dze eme, eye ame si le gli gbãm be yeato eme la, eyae da ɖuna.
9
Kpegbãlae kpe sina, eye nakedzelae xɔa abi.
10
Ne lãnu tsi kpo, eye womenyre enu o la, ele be woada abɔkame sesĩe; ke nunyae hea dzidzedze vanɛ.
11
Ne da ɖu ame vɔ hafi wole gbe sam doe la, ekema viɖe aɖeke mele gbesala ŋu o.
12
Nunyala ƒe numenya na wovea enu; ke bometsila ƒe nuyiwo hea tsɔtsrɔ̃ vɛ nɛ.
13
Bometsila ƒe numenya dzea egɔme kple bometsinya, eye eƒe nuƒoƒo wua enu kple aɖaʋanya baɖawo sɔŋ.
14
Evɔ la, eƒoa nu kpoloe madzudzɔmadzudzɔe. Ame aɖeke menya nu si ava dzɔ o. Ame kae ate ŋu agblɔ nu si etsɔ ahe vɛ?
15
Bometsila ƒe dagbadagba nana be ɖeɖi tea eŋu; elabe menya mɔ si wòato ayi du me gɔ̃ hã o.
16
Ao! Anyigba, baba na wò ne wò fia nye ŋutsuvi ko, eye wò dumegãwo tsona ɖe nuɖuɖu ŋu le ŋdi!
17
Anyigba, woyra wò, ne wò fia nye bubume, eye wò dumegãwo yia kplɔ̃ ŋu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi be yewoaɖu nu akpɔ ŋusẽ, menye be woamu aha o.
18
Ðekematsɔleme nana be xɔta nyéna ɖe eme, eye kuviawɔwɔ nana be xɔ ɖuɖua tsi.
19
Nukoko tae woɖoa nuɖukplɔ̃ ɖo; wain doa dzidzɔ ɖe agbe ŋu, eye ga nana be ame kpɔa eƒe nu hiahiãwo katã.
20
Mègake nu ƒo fi de fia le susu me gɔ̃ hã o. Nenema ke mègaƒo fi de gatɔ le wò xɔdɔme kekeake me o, elabe xevi alo nu dzodzoe aɖe ate ŋu aɖakaka nya la.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12