bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ecclesiastes 5
Ecclesiastes 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 6 →
1
Ne èyi Mawu ƒe aƒeme la, nànya zɔzɔ. Te ɖe Mawu ŋu ne nàse eƒe nya. Esia nyo wu be nasa vɔ abe bometsilawo ene, elabe bometsilawo menya be yewole nuvɔ̃ wɔm o.
2
Mègaƒo nu tamemabutɔe le Mawu ŋkume o, eye mègayɔ be yeake nu o. Elabe Mawu le dziƒo, ke wò ya, èle anyigba dzi. Eya ta wò nyawo nanɔ ʋɛ ko.
3
Drɔ̃ekuku vivivo yina kple hloloetsotso, eye bometsitsi dea ha kple nu kpoloe ƒoƒo.
4
Ne èɖe adzɔgbe na Mawu la, mègahe edziwɔwɔ ɖe megbe o, elabe bometsilawo ƒe nu menyoa Mawu ŋu o. Ale si nèɖe adzɔgbee la, wɔe ɖe edzi.
5
Ne mèɖe adzɔgbe kura o la, enyo wu be nàɖe adzɔgbe, mawɔ edzi o.
6
Mègana wò nu nahe wò de nuvɔ̃ me o, eye mègagblɔ le Mawu ƒe amedɔdɔ ŋkume be ɖe wòge le ye nu o. Nu ka ta wòhiã be wò nuƒo nado dziku na Mawu, eye wòagblẽ wò asinudɔwɔwɔwo?
7
Drɔ̃e geɖe kuku kple nu kpoloe ƒoƒo la, nu dzodzro wonye. Ke wò la, vɔ̃ Mawu boŋ.
8
Ne èkpɔ be wole ame dahewo tem ɖe to le nuto aɖe me, eye wotsri ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple nu si dze ame la wɔwɔ nɛ la, esia megawɔ nuku na wò o; elabe dziɖula si le esia wɔm la ƒe amegã li, le ekpɔm, eye dumegãwo gali wu eya hã.
9
Le goawo katã me la, enye viɖe na dukɔa be fia natsɔ agbledede aɖo dɔe.
10
Ga maɖi ƒo na galɔ̃la o, eye viɖe aɖeke made na kesinɔnulɔ̃la o. Esia hã nu dzodzro ko wònye.
11
Ne kesinɔnu dzi ɖe edzi la, eɖulawo hã dzina ɖe edzi. Viɖe kae le eme na nutɔ wu be wòatsɔ ŋku akpɔe ko?
12
Agbatedɔwɔla ɖu nu sue aɖe o, eɖu nu fũu o, edɔa alɔ̃ vivi; ke kesinɔtɔ ya ƒe nunɔamesi gbogboawo menana be wòdɔa alɔ̃ o.
13
Nu vlo gã si mekpɔ le ɣea te lae nye be kesinɔtɔ li kɔ nu ɖi fũu, wòva wɔ nu vevii.
14
Ne nya vɔ̃ aɖe dzɔ la, eƒe adzɔdɔwo me gblẽna, eye wòbúa eƒe kesinɔnuwo. Togbɔ be enye dzila hã la, naneke meganɔa esi wòtsɔna naa viawo o.
15
Ale si wònɔ amamae do tso nɔa ƒe dɔmee la, nenema ke wòganɔna dzonae. Edzea agbagba kpem, gake mekpɔa naneke léna ɖe asi yinae o.
16
Esia hã nye nu vlo gã aɖe: ale si wòvae la, nenema ke wòagayii. Azɔ viɖe ka koŋ wòkpɔ be wòdagba ɖe ya me?
17
Gawu la, egblẽa eƒe agbenɔŋkekewo katã le viviti, vevesese, dɔléle kple dziku geɖe me.
18
Kpɔ ɖa, nu si nyea mekpɔ be enyo, eye wòdze lae nye be: ame naɖu nu, ano nu, eye wòadzɔ dzi le dɔ siwo katã wòwɔna, le ŋkeke ʋɛ siwo Mawu nae le ɣea te la ŋuti, elabe esiae nye etɔ gome.
19
Gawu la, ne Mawu na kesinɔnu kple nu nunɔamesiwo ame aɖe, eye wòna ŋusẽe be wòawɔ wo ŋudɔ akpɔ etɔ gome, adzɔ dzi le eƒe dɔwɔwɔ ŋu la, esia hã Mawu ƒe nunana wònye.
20
Esi Mawu na eƒe dzi dze eme ta la, mebua tame boo le eƒe agbe me ŋkekewo ŋu o.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12