bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ecclesiastes 3
Ecclesiastes 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 4 →
1
Ɣeyiɣi li na nu sia nu, eye azã li na tameɖoɖo ɖe sia ɖe le dziƒoa te.
2
Dzigbe li, eye kugbe li; nuƒãɣi li, eye nuŋeɣi li.
3
Amewuɣi li, eye gbedaɣi li; nugbãɣi li, eye nutuɣi li.
4
Avifaɣi li, eye nukoɣi li; konyifaɣi li, eye ɣeɖuɣi li.
5
Kpefɔƒugbeɣi li, eye kpefɔƒoƒuɣi li; asikplakɔɣi li, eye asimakplakɔɣi li.
6
Nudiɣi li, eye nubuɣi li; nudzraɖoɣi li, eye nuƒugbeɣi li.
7
Nuvuɣi li, eye nutɔɣi li; ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.
8
Lɔlɔ̃ɣi li, eye fuléɣi li; aʋawɔɣi li, eye ŋutifafaɣi li.
9
Viɖe kae dɔwɔla kpɔna tso eƒe kutrikuku me?
10
Melé ŋku ɖe dɔdeasi si Mawu na ame sia ame be wòanɔ agbagba dzem le eŋu la ŋu.
11
Nu sia nu si wòwɔ la sɔ na ewɔɣi. Togbɔ be Mawu na amegbetɔ nya ale si ɣeyiɣiwo kple nyadzɔdzɔwo vana ɖe wo nɔewo yomee hã la, amegbetɔ medze si Mawu ƒe nuwɔnawo ƒe gɔmedzedze ɖase ɖe woƒe nuwuwu o.
12
Mekpɔ dze sii be naneke menyo na amegbetɔwo wu be, zi ale si wole agbe la, woakpɔ dzidzɔ, eye woaɖu agbe o.
13
Gawu la, be ame aɖe naɖu nu, ano nu, eye eƒe dɔwɔwɔ nado dzidzɔ nɛ la, Mawu ƒe nunana ye.
14
Medze sii hã be nu sia nu si Mawu wɔ la anɔ anyi tegbee; womate ŋu atsɔ naneke akpee o, eye womate ŋu aɖe naneke le eme hã o. Mawu ɖe wòwɔe alea, be woavɔ̃ ye.
15
Nu si li egbe la, nɔ anyi kpɔ; nu si gbɔna la, li xoxo; ke Mawu gbugbɔa nu siwo nu va yi la wɔna.
16
Megakpɔ le ɣea te hã be, le ʋɔnudrɔ̃ƒe la, nuvɔ̃ɖi wɔwɔ li, eye le nu dzɔdzɔe wɔƒe hã la, nuvɔ̃ɖi wɔwɔ xɔ aƒe.
17
Megblɔ le ɖokuinye me be Mawu adrɔ̃ ʋɔnu ame dzɔdzɔe la kple ame vɔ̃ɖi la siaa, elabe ɣeyiɣi li na nya sia nya kple nuwɔna sia nuwɔna hã.
18
Melé ŋku ɖe amegbetɔwo ŋu, eye mekpɔ be Mawu ɖe wòle wo dom kpɔ be woadze sii be lã ko yewonye.
19
Elabe nuwuwu ɖeka koe le amegbetɔ kple lãwo si: ale si amegbetɔ kunae la, nenema ke koe lã hã kunae. Gbɔgbɔ ɖeka ma koe le wo kple eve si. Gbetɔ tɔ me menyo wu lã tɔ me o. Esiawo katã nye nu dzodzro ko.
20
Teƒe ɖeka ko wo katã yina. Wo katã do go tso anyi me, eye anyi kee wogatrɔna zuna.
21
Ame kae nya ne gbetɔwo ƒe gbɔgbɔ yia dzi, eye lãwo tɔ ya yia anyigba me mahã?
22
Ale mekpɔ be naneke menyo na gbetɔ wu be wòawɔ dɔ, aɖu emetsonu kple dzidzɔ o, elabe eyae wòxɔ vɛ. Ame kae akplɔe gbɔe wòava kpɔ nu si adzɔ le eƒe ku megbe?
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12