bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ecclesiastes 6
Ecclesiastes 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 7 →
1
Mekpɔ nu masɔmasɔ aɖe hã le ɣea te si nye agba na amegbetɔƒomea.
2
Eya nye ame si Mawu na kesinɔnu, nunɔamesiwo kple bubui, eye nu siwo katã wòdina sua esi, ke Mawu mena ŋusẽe be wòaɖu nu siawo ƒe ɖeke o, boŋ wònye ame tutɔe va ɖunɛ la. Esia hã nye nu dzodzro kple dɔléle vɔ̃ɖi aɖe.
3
Ne ame aɖe dzi vi alafa, nɔ agbe, tsi xɔ ƒè geɖee ŋutɔ, ke nu nyuiwo meɖi ƒo nɛ o, alo womeɖii nyuie o la, mebe fu gegee gɔ̃ hã tɔ me nyo wu etɔ.
4
Elabe fu gegee la dzɔ yakatsyɔ gabu ɖe viviti me, eye viviti la nyè tsyɔ eƒe ŋkɔ dzi.
5
Hekpe ɖe esia ŋu la, mekpɔ ɣe kpɔ alo nyae o. Evɔ la, eyama ƒe dzi dze eme wu ame kemɛ tɔ.
6
Nenye ame la ɖe wònɔ agbe ƒe akpe, ganɔ ƒe akpe kpee, meɖu agbe aɖeke o la, ɖe menye teƒe ɖeka ma ke ko amewo katã yina oa?
7
Dɔ sia dɔ si amegbetɔ wɔna la, nu ko wòwɔnɛ na, gake eƒe nudzodzro nu metsina o.
8
Nu kae nunyala tsɔ wú bometsila? Viɖe ka ame dahe si nya zɔzɔ le agbe me la kpɔna?
9
Nukpɔkpɔ kple ŋku nyo wu nudzroame ƒe tsa glãla tsatsa. Esia hã nu dzodzro kple yadɔ ko wònye.
10
Nu si dzɔ la, ŋkɔ li nɛ xoxo, eye ele nyanya be amegbetɔ mete ŋu hea nya kple ame si tri akɔ wui la o.
11
Nuƒoƒo geɖe, nya gbɔlo geɖe; viɖe kae le eme na amegbetɔ?
12
Elabe ame kae nya nu si nyo na amegbetɔ le eƒe agbenɔɣi dzodzro si nu va yina abe vɔvɔli ene la me? Elabe ame kae ate ŋu agblɔ nu si ava eme le amegbetɔ megbe la nɛ le ɣea te?
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12