bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ecclesiastes 4
Ecclesiastes 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 5 →
1
Megalé ŋku ɖe ameteteɖeanyi siwo katã yia edzi le ɣea te la hã ŋu. Kpɔ ame siwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsi ɖa, ke akɔfala aɖeke meli na wo o. Ame siwo te wo ɖe anyi la, woawo sie ŋusẽ le; ke ame siwo wote ɖe anyi la ya, akɔfala aɖeke meli na wo o.
2
Mekpɔ be ame siwo ku gbe aɖe gbe la tɔ me nyo wu ame siwo le agbe fifia la tɔ.
3
Ke ame siwo tɔ me ganyo sãa wu ame siawo tɔ lae nye ame siwo womekpɔ dzi haɖe o, bene womava kpɔ nuvɔ̃ɖi siwo amewo le wɔwɔm le ɣea te la teƒe o.
4
Tete megakpɔ dze sii be nu si nana be ame kua kutri, eye wòdzea aɖaŋu le dɔwɔwɔ me lae nye ŋuʋaʋã ame havi. Esia hã nu dzodzro kple yadɔ ko wònye.
5
Bometsila de asi ata me, dɔ wui wòɖi ku glaglaglã.
6
Anyinɔnɔ kpoo asiʋlo ɖeka nyo wu hloloetsotso kple dagbadagba asiʋlo eve, elabe esiawo la, yadɔ ko wonye.
7
Megakpɔ nu dzodzro bubu aɖe le ɣea te.
8
Eyae nye amemanɔsitɔ ƒe nya: viŋutsu mele esi o; nɔviŋutsu hã meli o. Gake dagbadagba dzi ko wòle madzudzɔmadzudzɔe. Ne ekpɔ kesinɔnu hã la, meɖia ƒo nɛ gbeɖe o. Mebiaa eɖokui be: Ame ka tae mele hloloe tsom alea, gbe nu le ɖokuinye gbɔ hegbe agbeɖuɖu? Esia hã nu dzodzro ko wònye; dɔ vloe.
9
Evenɔnɔ nyo wu akogotsitsi, elabe evenɔlawo kpɔa viɖe tso wo nɔewo ƒe agbagbadzedze me.
10
Ne ame ɖeka dze anyi la, evelia afɔe. Ke baba na ame si tsi akogo, elabe ne edze anyi la, eƒe evelia meli afɔe o.
11
Nenema ke ne ame eve mlɔ wo nɔewo xa la, wonaa dzoxɔxɔ wo nɔewo. Ke ale ke ame ɖeka ate ŋu ana dzoxɔxɔ eɖokuii?
12
Togbɔ be ame ɖeka ate ŋu aɖu ame ɖeka dzi hã la, ame eve anɔ te ɖe enu. Kagbigbi nu etɔ̃ menyatsona o.
13
Ðekakpui dahe nyanu nyo wu fia tsitsi movitɔ si megaxɔa aɖaŋuɖoɖo o.
14
Woate ŋu aɖe ɖekakpui sia tso gaxɔ me teti ko aɖo fiae, togbɔ be ahedada mee wodzii ɖo le fiaɖuƒe la me hã.
15
Mekpɔ agbagbeawo katã le ɣea te, kplɔ ɖekakpui si ava zi dzi ɖe ame kemɛa teƒe la ɖo.
16
Eteviwo sɔ gbɔ fũu, womanyaxlẽ o. Gake dzidzime siwo ava emegbe la makpɔ dzidzɔ le eŋu o. Nyateƒe, esia hã nu dzodzro kple yadɔ ko wònye.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12