bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ecclesiastes 7
Ecclesiastes 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 8 →
1
Ŋkɔ nyui nyo wu ami ʋeʋẽe nyui; kugbe nyo wu dzigbe.
2
Kuteƒeyiyi nyo wu agbeɖuƒeyiyi elabe kue nye ame sia ame ƒe nuwuwu ale be wòanɔ susu me na agbagbeawo.
3
Nuxaxa nyo wu nukoko, elabe ne ame ƒe mo lé blanui la, eƒe susu me kɔna.
4
Nunyalawo ƒe susu nɔa kuteƒe; ke bometsilawo ƒe susu ya nɔa agbeɖuƒe.
5
Enyo be woase nunyalawo ƒe mokaname wu bometsilawo ƒe hadzidzi.
6
Elabe bometsilawo ƒe nukoko ɖina abe ale si ŋu wóna le dzo me kpotokpoto le ze te ene. Esia hã nu dzodzro ko wònye.
7
Nyateƒe, ameteteɖeto ɖe wònana be nunyala zua tsukunɔ; zãnu ɖe wògblẽa ame.
8
Nu ƒe nuwuwu nyo wu eƒe gɔmedzedze, eye dzigbɔɖila nyo wu dàdala.
9
Mègado dziku kabakaba o, elabe bometsilawo mee dziku xɔa aƒe ɖo.
10
Mègabia be: “Nu ka ta tsã nyo wu egbe?” hã o. Ne èbia nenema la, ekema nunya mele wò biabia la me o.
11
Nunya nye nu nyui abe domenyinu ene. Viɖe le eŋu na ame siwo le ɣe kpɔm la.
12
Nunya ɖoa vɔvɔli ɖe ame dzi abe ale si ga ɖoa vɔvɔli ɖe ame dzii ene. Nu si nyo le nunya ŋue nye be sidzedze léa ame si si wòle la ƒe agbe ɖe te.
13
Lé ŋku ɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ŋu. Ame kae ate ŋu adzɔ nu si wòglɔ̃ la?
14
Kpɔ dzidzɔ le ɣeyiɣi siwo me nu nyo na wò la, eye gbe si gbe hiã tu wò la, bu tame. Mawue ɖo wo kple eve siaa alea, bene agbenɔawo naganya nu si ava dzɔ le wo megbe la o.
15
Le nye agbe dzodzro sia me la, mekpɔ nu sia nu. Ame dzɔdzɔe ku le eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ me. Ame vɔ̃ɖi didi eƒe agbe ɖe edzi le eƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ me.
16
Mègawɔ nu dzɔdzɔe vivivo o, nenema ke mègadze nunya akpa o. Nu ka ta nèdi ku na ɖokuiwò?
17
Mègawɔ nuvɔ̃ɖi gbɔ me o, eye mèganye bometsila o. Nu ka ta nàdi be yeaku hafi wò kuɣi naɖo?
18
Menyo be nàlé esia me ɖe asi, eye nàɖe asi le ekemɛ hã ŋu o. Ame si vɔ̃a Mawu la akpɔ dzidzedze ne elé wo kple eve la katã me ɖe asi.
19
Nunya naa ŋusẽ nunyala wu ŋusẽtɔ ewo le du me.
20
Le nyateƒe me la, ame dzɔdzɔe aɖeke mele anyigba dzi si wɔa nu nyui, eye mewɔ nuvɔ̃ kpɔ o.
21
Mègake to ɖi be yease nu sia nu si gblɔm amewo le o. Ne menye nenema o la, àva se wò subɔla wòanɔ fi ƒom de wò.
22
Wò ŋutɔ ènya nyuie le wò dzime be ye hã yeƒo fi de ame bubuwo zi geɖe.
23
Metsɔ nunya dzro nu siawo katã me kpɔ. Meɖo kpe edzi be madze nunya. Ke nunya le adzɔge ʋĩi tso gbɔnye.
24
Nu si li la gbɔ metsɔ o, eye eme goglo ʋĩi. Ame kae ate ŋu adii ake ɖe eŋu?
25
Metrɔ ɖe sidzedze ŋu. Medi nunya, ti eyome be madze si nu vevitɔ, eye manya be nuvɔ̃ɖi wɔwɔ la, bometsitsie, eye movidzɔdzɔ la aɖaʋadzedze ye.
26
Meke ɖe nu si vena wu ku la ŋu. Eyae nye nyɔnu si ƒe dzi nye mɔ̀ tetre kple ɖɔ, eye eƒe asiwo nye kunyowu. Ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la sína le enu. Ke nuvɔ̃wɔla gena ɖe eƒe mɔ̀ me.
27
Nyagblɔla la be: Kpɔ ɖa, metsɔ nu ɖeka kpe ɖe bubu ŋu be make ɖe ŋuɖoɖoa ŋu.
28
Medii, gadii ʋuu, ke nyemeke ɖe eŋu o. Ŋutsu ɖeka ŋu ko meke ɖo le akpe dome, ke nyemekpɔ nyɔnu ɖeka pɛ hã le wo katã dome o.
29
Kpɔ ɖa, nu si ko ŋu meke ɖo gobie nye esi: Mawu wɔ amegbetɔ be wòato mɔ ɖeka tẽe, ke eya ŋutɔ di ayemɔ geɖe na eɖokui.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12