bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Micah 1
Micah 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 2 →
1
Aƒetɔ de gbe asi na Mixa, Moresetɔ la, le Samaria kple Yerusalem ŋu le Yuda-fia siwo nye Yotam, Axaz kple Xizkiya ƒe dziɖuɣiwo me.
2
Mi dukɔwo katã, mise nya sia! Anyigba kple edzinɔlawo katã, miɖo to miasee! Mina, Aƒetɔ Mawu nanye ɖasefo ɖe mia ŋu. Aƒetɔ la tso eƒe gbedoxɔ kɔkɔe me!
3
Elabe kpɔ ɖa, Aƒetɔ do tso eƒe nɔƒe gbɔna. Eɖi gbɔna ava tsa le anyigba ƒe kɔkɔƒewo.
4
Towo alólo le ete, eye baliwo agoglo ɖe edzi, abe anyígba ye wolólo le dzo nu ene, abe tsi wotrɔ kɔ ɖi le to trɔabu kɔgo ene.
5
Nu siawo katã dzɔ le Yakob ƒe dzidada kple Israel ƒe aƒe ƒe nuvɔ̃ ta. Nu kae nye Yakob ƒe dzidada? Ðe menye Samaria ye oa? Nu kae nye Yuda ƒe aƒe ƒe nuvɔ̃? Ðe menye Yerusalem ye oa?
6
Eya ta Aƒetɔ be: “Mana Samaria nazu glikpo ɖe gbe me, azu waingbledeƒe. Malɔ eƒe kpewo aƒu gbe ɖe bali me, eye maklo nu le gɔmeɖokpeawo dzi.
7
Woagbã eƒe aklama kpakpɛwo katã gudugudu, woatɔ dzo nunana siwo katã woƒe gbolowo xɔ la, eye matsrɔ̃ woƒe legbawo keŋkeŋ. Elabe gboloe wowɔ kpɔ nu siawo katã, eya ta gbolowoe woagatsɔ wo axe fee na.”
8
Le esia ta, nye la mafa konyi, afa avi, eye manɔ amama anɔ yiyim. Mafa konyi abe akpataku ene, eye maxa nu abe tsatsaboli ene.
9
Elabe eƒe abi zu abi makumaku, eye wòva ke ɖe Yuda. Eva ɖo nye dukɔ ƒe agbowo nu, egogo Yerusalem.
10
Migakɔ nu le edzi woase le Gat o, migafa avi kura o. Mi Bet-Leafratɔwo, Mimli mia ɖokui le ke me, le Bet-Leafra.
11
Mi Safirtɔwo, miɖe amama miaʋu adzo kple ŋukpe. Zaanantɔwo, migakatsa be yewoado go o. Ne miese Bet Haezeltɔwo le konyi fam la, ekema minyae be sitsoƒe mele afi ma na yewo o.
12
Elabe Marotetɔwo tsi dzodzodzoe le xɔname dim, elabe vɔ̃ ɖi ɖe anyi tso Aƒetɔ gbɔ, ɖe Yerusalem-gbo nu ke.
13
Laxistɔwo, mitsi tasiaɖamwo ɖe sɔwo ŋu. Miawoe to Zion vinyɔnu ƒe nuvɔ̃ vɛ, elabe mewòe wokpɔ Israel ƒe dzidadawo le.
14
Eya ta ele be miado mɔ Moreset-Gat; Axsib-xɔwo aflu Israel-fiawo.
15
Mi Maresanɔlawo, magana dziɖula nava dze mia dzi, eye Israel ƒe ŋutikɔkɔe ade Adulam.
16
Mi Yudatɔwo, milũ ta ƒiaƒiaƒia ne miafa konyi ɖe mia vi siwo miewɔ vi na la ta. Mina miaƒe ta ŋu naɖi ƒiaƒiaƒia abe akaga tɔ ene, elabe woaɖe aboyo mia viawo adzoe le mia gbɔ.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7