bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Micah 2
Micah 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 3 →
1
Baba na ame siwo, ne wole aba dzi la, woɖoa vɔ̃ ɖe tame hewɔa ɖoɖo ɖe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu, eye ne agu dze la, woyina ɖawɔnɛ, elabe ŋusẽ le wo si.
2
Agblee biã ŋu na wo o, woxɔnɛ sesẽe; xɔe biã ŋu na wo o, wotsyɔa asi edzi. Wotea ame kple eƒe ƒometɔwo ɖe anyi, eye woxɔa woƒe domenyinu le wo si.
3
Eya ta Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, meɖo nugbe ɖe mia ŋu, eye miate ŋu aɖe kɔ ɖa le ete o. Mana miage ɖe xaxa me ale be miagate ŋu anɔ yiyim dàdatɔe azɔ o, elabe ɣeyiɣi vɔ̃ wòanye na mi.
4
Tso gbe ma gbe la, woadzi fewuɖuha ɖe mia ŋu, eye woadzi konyifaha vevie agblɔ be: Wogblẽ mía dome keŋkeŋ! Etrɔ nye dukɔ la ƒe gome, ale ke wòxɔe le asinyee? Ema míaƒe agblewo ɖe ame siwo ɖe aboyo mí la dome.”
5
Eya ta, ame aɖeke manɔ asiwò adzidze nu, ada ka le Aƒetɔ ƒe ameha dome o.
6
Wole gbɔgblɔm be: “Dzudzɔ nyagbɔgblɔ! Ame aɖeke megagblɔ nya tso nu sia tɔgbe ŋu o! Womele gbɔ ɖi ge mí o.”
7
Ao, Yakob ƒe ƒome, ɖe woagblɔ esia? Ðe Aƒetɔ ƒe gbɔgbɔ megbɔa dzi ɖi oa? Ðe nu siawo nye eƒe nuwɔnaa? Ðe nye nyawo mewɔa nyui na ame si zɔna le nu dzɔdzɔe wɔwɔ me oa?
8
“Ke mietso ɖe nye amewo ŋu abe futɔwo ene. Mieɖe awu ʋlaya le ame siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ va tso eme yina ƒe awuwo dzi; evɔ la, aʋawɔwɔ menɔ tame na wo o.
9
Mienyà nye dukɔ la ƒe nyɔnuwo do goe le aƒe siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o la me. Mieɖe nye bubu le wo viwo ŋu ɖikaa.
10
Mitso miadzo! Elabe afi sia menye gbɔɖemeƒe aɖeke o, le nu makɔmakɔ si gblẽa nu keŋkeŋ la ta.
11
Ne ame aɖe akplɔ ya ɖo anɔ tsatsam anɔ alakpa dam be: “Magblɔ nya na mi tso wain kple aha sesẽ ŋu” la, eya anye nyagblɔla na dukɔ sia.
12
O Yakob, maƒo mia nu ƒu godoo; maƒo Israel ƒe ame mamlɛawo nu ƒu; maƒo ƒu wo ɖekae abe alẽwo ene ɖe alẽkpɔ ɖeka me.
13
Ame si agbã glia la, adze wo ŋgɔ. Woagbã dua ƒe agbo, eye woazɔ ato eme ado. Woƒe Fia, Aƒetɔ ŋutɔ, adze ŋgɔ na wo.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7