bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Micah 5
Micah 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 6 →
1
Azɔ la, woɖo gli ƒo xlã wò, woƒu kpo ɖe ŋuwò. Wotsɔ ati ƒo to me na Israel-kplɔla la.
2
“Ke wò Betlehem Efrata, wòe nye du suetɔ kekeake le Yuda-ƒomeawo dome, gake mewòe dziɖula si aɖu Israel dzi la adzɔ tso nam. Dziɖula sia ƒe ƒome li xoxoxo tso keke gbe aɖe gbe ke.”
3
Eya ta aɖe asi le wo ŋu va se ɖe esime nyɔnu si le ku lém la, nadzi vi. Ekema nɔvia siwo susɔ la, atrɔ gbɔ va wo nɔvi Israelviwo gbɔ.
4
Anɔ te anyi eƒe alẽha, le Aƒetɔ ƒe ŋusẽ me, le Aƒetɔ, eƒe Mawu ƒe fianyenye ŋkɔ me. Woanɔ anyi dedie, elabe azɔ la, anye gã va se ɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke,
5
eye esia anye ŋutifafa. Ne Asiriatɔ la va míaƒe anyigba dzi, eye wòɖo afɔ míaƒe anyigba dzi la, míadɔ lãkplɔvi adrẽ kple amegã enyi ɖe eŋu.
6
Woatsɔ yi aɖu Asiria-nyigba la dzi, wòaɖu Nimrod dzi kple yi si wòɖe tso aku me la, eye woaɖe mí tso Asiriatɔ la si me ne eva míaƒe anyigba dzi, eye wòɖo afɔ míaƒe liƒo dzi.
7
Ekema Yakob ƒe ame siwo susɔ la, anɔ dukɔ geɖewo dome abe zãmu tso Aƒetɔ gbɔ abe agbafie si nyɔna ɖe gbe dzi si medzɔa amegbetɔ alo lalaa amegbetɔ viwo o la ene.
8
Yakob ƒe ame siwo susɔ la anɔ dukɔwo dome, le anyigba dzi dukɔwo dome abe dzata le gbemelãwo dome le ave me, alo abe dzatavi le alẽhawo dome ene. Ne eto wo dome la, xɔnametɔ aɖeke meganɔa anyi o; edzea wo dzi hevuvua wo.
9
Woakɔ wò alɔ dzi ɖe wò ketɔwo ŋu, eye wòatsrɔ̃ wò futɔwo katã.
10
Aƒetɔ be: “Gbe ma gbe la, matsrɔ̃ miaƒe sɔwo ɖa le mia dome, eye magblẽ miaƒe tasiaɖamwo keŋkeŋ.
11
Matsrɔ̃ du siwo le wò anyigba dzi, eye mamu wò mɔ́ sesẽwo katã aƒu anyi.
12
Matsrɔ̃ dzosasa ɖa le asiwò me, eye bokɔ aɖeke maganɔ asiwò o.
13
Matsrɔ̃ miaƒe aklama kpakpɛwo kple aƒeliwo ɖa le dowòme eye màgade ta agu na wò asinudɔwɔwɔwo azɔ o.
14
Maho miaƒe nyɔnumawu, Aserawo ɖa le dowòme, eye magbã wò duwo keŋ.
15
Mabia hlɔ̃ dukɔ siwo gbe be yewomaɖo tom o la, le dɔmedzoe kple dziku me.”
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7