bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Micah 6
Micah 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 7 →
1
Mise nya si gblɔm Aƒetɔ le la ɖa. Tso ne nàto wò nya le towo ŋkume, eye nà togbɛwo nase wò gbe.
2
Mi towo, mise Aƒetɔ ƒe dzrenya! Mi anyigba ƒe gɔmeɖoɖo si li tegbee hã, misee. Elabe Aƒetɔ tsɔ nya ɖe eƒe dukɔ ŋu. Ele nya he ge kple Israel.
3
“Ao, nye dukɔ, nu kae mewɔ ɖe ŋuwò? Nu ka mee meɖe fu na wò le? Ɖo eŋu nam.
4
Elabe mekplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi, eye meɖe wò tso kluvinyenye me. Medɔ Mose, Aron kple Miryam ɖe ŋgɔwò.
5
O, nye dukɔ, ɖo ŋku nu si Moab-fia Balak ɖo be yeawɔ wò kple ale si Bileam, Beor vi la ɖo eŋu nɛ la dzi. Ɖo ŋku nu siwo dzɔ tso Sitim va se ɖe Gilgal dzi, nàdze si Aƒetɔ ƒe xɔname.”
6
Nu kae matsɔ ɖe asi ava Aƒetɔ ŋkume, eye made ta agu ɖe Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ŋkume? Ðe matsɔ nyivi si xɔ ƒe ɖeka la ɖe asi ayi eŋkume, be mawɔ numemevɔsa nɛa?
7
Ðe agbo akpe nanewo kple amitɔʋu akpeakpewo adze Aƒetɔ ŋua? Ðe matsɔ nye ŋgɔgbevi anae ɖe nye dzidada ta kple nye dɔmevi ana ɖe nye luʋɔ ƒe nuvɔ̃wo taa?
8
O, amegbetɔ, egblɔ nu si nyo la na wò. Nu ka dim Aƒetɔ le be nàwɔ? Ɖe menye nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, nàlɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye nàbɔbɔ ɖokuiwò ahazɔ kple wò Mawu oa?
9
Aƒetɔ ƒe gbe ɖi bobobo yɔ du la eye enye nunya deto be woavɔ̃ wò ŋkɔ. “Dua ƒe to kple ameha la misee.
10
Ðe mate ŋu aŋlɔ kesinɔnu siwo miekpɔ to mɔ vɔ̃ɖi dzi, eye wole ame vɔ̃ɖiwo ƒeme la bea? Ðe mate ŋu aŋlɔ amebanudzidzenu si dzi fiƒode le la bea?
11
Ðe mate ŋu atso afia na ame si wɔa amebanudanu ŋudɔ, eye amebanudakpe le eƒe kotoku mea?
12
Miaƒe kesinɔtɔwo yɔ fũu kple ŋutasesẽ, dua me nɔlawo kaa aʋatso, eye alakpaɖe le nu me na wo.
13
Eya ta nye hã medze tohehe gɔme na mi, eye megblẽ mia dome le miaƒe nuvɔ̃wo ta.
14
Miaɖu nu; ke miaɖi ƒo o, eye dɔ aganɔ mia wum boŋ. Miadzra nu ɖo, ke manɔ anyi o, eye nu si medzra ɖo la, matsɔe ade asi na yi.
15
Miaƒã nu, ke miaŋee o. Miawɔ ami, ke miakpɔ ɖeke asi ɖe ŋuti gɔ̃ hã o. Miafiã wain, ke miakpɔ ɖeke ano o.
16
Elabe miewɔ Omri ƒe ɖoɖowo dzi, miewɔ Axab ƒe nuwɔnawo katã, eye miezɔ ɖe woƒe adaŋudedewo nu, ne matsɔ wò awɔ gbegbee, eye woaʋuʋu ta, ɖe ame siwo le mewò la ŋu. Ale àtsɔ dukɔwo ƒe alɔmeɖeɖe.
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7