bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Micah 4
Micah 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 5 →
1
Ava eme le ɣeyiɣi mamlɛawo me be to si dzi Aƒetɔ ƒe gbedoxɔ la le la, woaɖoe anyi wòanye to kɔkɔtɔ; woawɔe wòakɔ agbɔ togbɛwo ta. Dukɔwo ayi afi ma bibibi,
2
eye anyigba dzi dukɔwo ava agblɔ be: Miva, mina míayi Aƒetɔ ƒe to la dzi; ne míayi Yakob ƒe Mawu la ƒeme bene wòafia eƒe mɔwo mí, ne míazɔ eƒe toƒewo! Elabe se la atso Zion, eye Aƒetɔ ƒe nya la atso Zion.”
3
Adrɔ̃ nya na dukɔ geɖewo, eye wòatso nya me na dukɔ sesẽwo le didiƒe ke. Woatsɔ woƒe yiwo atu kodzoewoe; woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe. Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o; womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã o.
4
Wo dome ame sia ame aɖe dzi ɖi anɔ eƒe wainka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ, ame aɖeke magado vɔvɔ̃ na wo o. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ŋutɔe ke nu gblɔ nya sia.
5
Elabe dukɔwo katã le zɔzɔm, ɖe sia ɖe le eƒe mawu ŋkɔ me; ke míawo ya míazɔ le Aƒetɔ, mía Mawu la ŋkɔ me ɖaa tegbee.
6
Aƒetɔ be: “Gbe ma gbe la, maƒo tekunɔwo kple ame siwo wonyà de gbe kpakple ame siwo mewɔ funyafunyae la nu ƒu.
7
Mana tekunɔwo nazu ame siwo susɔ, eye ame siwo wonyà de gbe la, nazu dukɔ sesẽ, eye Aƒetɔ anye fia ɖe wo nu le Zion-to la dzi tegbee tso fifia yi mavɔ me.”
8
Wò, alẽha la ƒe xɔ tsrala; wò Zion vinyɔnu ƒe togbɛ, gbɔwòe wòava, dziɖuɖu tsãtɔ la ava, Yerusalem vinyɔnu ƒe dziɖuɖu la.
9
Azɔ la, nu ka ta nèle ɣli dom sesĩe ale? Ɖe fia aɖeke mele mewò oa? Ɖe wò adaŋudela tsrɔ̃ tae nèle veve sem abe nyɔnu si le ku lém la enea? Alo esi wò adaŋudelawo ku tae mahã?
10
Zion-nyɔnu, tro ɖokuiwo naŋè abe nyɔnu si le ku lém la ene, elabe ele be miaʋu le dua me aɖanɔ gbedadaƒo. Miayi ɖe Babilon. Afi mae woaɖe mi le, eye Aƒetɔ axɔ mi tso miaƒe futɔwo si me le afi ma.
11
Azɔ la, dukɔ geɖewo va kpe ta ɖe ŋuwò. Wole gbɔgblɔm be: “Mina woagblẽ kɔ ɖo nɛ, mina míalĩ ŋku ɖe Zion dzi!”
12
Ke womenya Aƒetɔ ƒe tame o. Womese eƒe ɖoɖo gɔme o. Womese egɔme be woƒo ƒu yewo heli kɔe ɖi abe lubabla ene ɖe lugbɔƒe o.
13
“Zion vinyɔnu tso natugu nu, elabe mawɔ wò dzo wòanye ga yibɔ, eye wò afɔkli nanye akɔbli. Miagbã dukɔ geɖewo gudugudu, eye miakɔ̀ woƒe viɖenuwo ŋu na Aƒetɔ, miatsɔ woƒe kesinɔnuwo na xexeme blibo ƒe Aƒetɔ la.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7