bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Micah 7
Micah 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
1
Evɔ nam! Elabe mezu abe ale si woxaa kutsetse vɔ le dzomeŋɔli, abe ale si wotsaa wain tsetsetiwo me vɔ la ene: kutsetse aɖeke meli woaɖu o, gbotitsetse ɖiɖi gbãtɔ si nye luʋɔ di la meli o;
2
mawumeme tsrɔ̃ le anyigba dzi, eye ame dzɔdzɔe aɖeke megale amegbetɔwo dome o. Wo katã wode xa be woakɔ ʋu ɖi. Ame sia ame ɖo ɖɔ ɖi na nɔvia.
3
Woda asi ɖe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ dzi, eye wowɔnɛ nyuie. Amegãwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo biaa zãnu. Dumegã gblɔa nya vɔ̃ɖi si dzroe la. Ale wosɔa nu ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu.
4
Wo dometɔ nyuitɔ le abe ŋu ene, eye woƒe nuteƒewɔla nyuitɔ vɔ̃ɖi wu aŋɔkakpɔtɔtɔ. Ŋkeke de be woahe to na woƒe gbetakpɔlawo. Azɔ la, wotɔtɔ keŋ.
5
Mègaxɔ hawòvi dzi se o, eye mègaɖo ŋu ɖe xɔ̃wò aɖeke ŋu o. Kpɔ wò nu dzi le nyɔnu si le gbɔwò la ŋu,
6
elabe viŋutsu mabu tɔ́a o, vinyɔnu atsi tre ɖe nɔa ŋuti, eye lɔ̃xoyɔvinyɔnu atso ɖe lɔ̃xoa ŋu. Ame ƒe futɔwo anye eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo.
7
Ke nye la, matso ŋku na Aƒetɔ. Makpɔ mɔ na Mawu, nye Xɔnametɔ, Nye Mawu aɖo tom.
8
Nye futɔ, mèganɔ dzidzɔ kpɔm le nye anyidzedze ŋu o. Ne medze anyi la, magafɔ. Ne menɔ anyi ɖe viviti me la, Aƒetɔ anye kekeli nam.
9
Mado dzi atsɔ Aƒetɔ ƒe dziku, elabe mewɔ vɔ̃ ɖe eŋu, va se ɖe esime wòaʋli tanye, atso afia nam. Akplɔm ado ɖe kekeli nu, eye makpɔ eƒe ɖeɖe.
10
Ekema nye futɔ akpɔe, eye ŋukpe alée. Eya ame si le biayem be: “Afi ka Aƒetɔ, wò Mawu la le?” Makpɔe kakaka, ne wole efanyam abe ba ene le ablɔ dzi.
11
Ɣeyiɣi si woagbugbɔ wò gliwo aɖo la, tu aƒe. Ɣe ma ɣi la, miaƒe liƒowo ate yi megbe ʋĩi.
12
Gbe ma gbe la, amewo ava gbɔwò, tso Asiria va se ɖe Egipte, tso Egipte va se ɖe Frat-tɔsisi la nu; tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu; tso to gbɔ yi to gbɔ.
13
Ke anyigba dzi azu gbegbe le edzinɔlawo ta, le woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse ta.
14
Tsɔ wò atikplɔ nàkplɔ wò dukɔ, alẽha si ƒe dome nènyi, si tsò abo le ave me, le anyigba si dzi abɔ le la titina. Na woayi aɖaɖu gbe le Basan kple Gilead abe le blema ene.
15
Maɖe nukunuwo afia wò, abe gbe si gbe nèdo go tso Egipte-nyigba dzi ene.
16
Dukɔwo akpɔe, eye ŋu akpe wo, togbɔ be ŋutete le wo ŋu ŋutɔ hã. Woaɖo asi nu, eye woƒe to atsí.
17
Woaɖuɖɔ kewɔ abe da kple nutata bubuwo le anyigba ene. Woado tso woƒe mɔ́ sesẽwo me anɔ dzodzom nyànyanya kple vɔvɔ̃. Woalulu ava Aƒetɔ, mía Mawu la gbɔ, eye vɔvɔ̃ aɖo wo le tawò.
18
Ame kae nye Mawu li abe wò ene si tsɔa vodada kena, eye wòŋea aɖaba ƒua eƒe domenyinu si susɔ la ƒe dzidadawo dzi? Meléa dziku ɖi ɖikaa o, elabe ekpɔa dzidzɔ le amenuveve ŋu.
19
Eƒe dɔme agatrɔ ɖe mía ŋu. Atiti afɔ ɖe míaƒe vodadawo dzi. Àtsɔ míaƒe nuvɔ̃wo aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke!
20
Àwɔ nuteƒe na Yakob, eye àve Abraham nu, abe ale si nèka atam na mía tɔgbuiwo le blema ene.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7