bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Micah 3
Micah 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 4 →
1
Mi Yakob ƒe tatɔwo kple edziɖulawo, miɖo to miase. Menye miaƒe dɔ wònye be mianya nu dzɔdzɔe wɔwɔ oa?
2
Ke miawo boŋ mielé fu nyui, eye mielɔ̃ vɔ̃. Mievuvua agbalẽ le amewo ŋu agbagbee, eye miefoa lã le woƒe ƒu ŋu.
3
Mieɖua nye amewo ƒe lã. Miefoa agbalẽ le wo ŋu, gbãa woƒe ƒu, eye mieflia wo dea ze abe lã ene, abe lã le detsiƒoze me ene.
4
Emegbe woado ɣli ayɔ Aƒetɔ, ke matɔ na wo o. Aɣla ŋkume ɖe wo ɣe ma ɣi elabe wowɔ nuvɔ̃ɖi.
5
Ale Aƒetɔ gblɔ na gbeƒãɖela siwo kplɔa dukɔ la tranae, ame siwo doa boblo be “Ŋutifafa” ne wokpɔ nu ɖu, ke wohoa aʋa ɖe ame siwo menaa naneke wo o la ŋu, lae nye esi:
6
Eya ta zã ado ɖe mi, miakpɔ ŋutega o. Blukɔ ado ɖe mi; afa magaɖi o. Ɣe aɖo to ɖe gbeƒãɖelawo, eye ŋkeke azu viviti tsiɖitsiɖi na wo.
7
Woaɖi gbɔ nukpɔlawo, eye woado ŋukpe bokɔwo. Wo katã amia nu kpoo elabe Mawu megale nya ŋu ɖom na wo o.
8
Ke nye la, wotsɔ ŋusẽ, Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ, ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple ŋutete yɔm taŋ bene magblɔ Yakob ƒe dzidada kple Israel ƒe nuvɔ̃ nɛ.
9
Mise esia, mi Yakob ƒe tatɔwo, kple Israel aƒe aƒe la dziɖulawo; mi ame siwo tsri ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃, eye miegbe nu sɔsɔe wɔwɔ;
10
mi ame siwo le Zion tum kple ʋu eye miele Yerusalem-du la tum kple nu gbegblẽ wɔwɔ.
11
Eƒe tatɔwo xɔa zãnu hafi tsoa nya me; eƒe nunɔlawo xɔa ga hafi fiaa se la, eye gbeƒãɖelawo xɔa ga hafi gblɔa gbedeasi. Evɔ la, woziɔna ɖe Aƒetɔ ŋu gblɔna be: “Ɖe Aƒetɔ mele mía dome oa? Vɔ̃ aɖeke mava mía dzi o.”
12
Eya ta woade agble ɖe Zion. Yerusalem azu glikpo, eye to si dzi gbedoxɔ la le la azu ave, le mia ta. a.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7