bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Song of Solomon 1
Song of Solomon 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 2 →
1
Hawo ƒe Ha si nye Salomo tɔ.
2
Ao, ɖe nàgbugbɔ nu nam hafi! Elabe wò lɔlɔ̃ nyo wu wain.
3
Wò ami sisi le ʋeʋẽm lílilĩ; wò ŋkɔ nye ami ʋeʋẽe si wowú, eya ta ɖetugbiwo lɔ̃a wò ɖo.
4
Na makplɔ wò ɖo; na mízɔ kabakaba. Fia la kplɔm yi eƒe xɔ me. Míatso aseye, akpɔ dzidzɔ kpli wò. Míakafu wò lɔlɔ̃ wu wain gɔ̃ hã. Amewo tɔ dzɔ be wolɔ̃a wò.
5
Yerusalem vinyɔnuviwo, ame yii menye, ke megbɔa dzi ɖi. Mele abe Kedar ƒe avɔgbadɔwo ene, abe Salomo ƒe xɔmetsovɔwo ene.
6
Miganɔ kpɔyem ɖe esi menyɔ yibɔɔ alea ta o, elabe ɣee ɖum. Danyevi ŋutsuwo do dɔmedzoe ɖe ŋunye, tsɔm ɖo waingbledzɔlae; ke nye ŋutɔ nye waingble ya la, nyemekpɔ vovo adzɔe o.
7
Wò, nye dzi lɔlɔ̃a, gblɔe nam: Afi ka nènyia wò lãwo le? Le ŋdɔ me ɖe, afi ka wogbɔna ɖe eme le? Evɔ la, nu ka ta manɔ abe tsatsala ene, anɔ hawòviwo ƒe lãhawo gbɔ?
8
Ne mènyae o la, wò tugbewo ƒe tugbe, kplɔ lãhawo ƒe toƒe ɖo nànyi wò gbɔ̃viwo le alẽkplɔlawo ƒe agbadɔwo gbɔ!
9
Nye dzi lɔlɔ̃a, èle nam abe sɔnɔ le Egipte Fiagã ƒe tasiaɖam ŋu ene.
10
Woɖo atsyɔ̃ na wò alɔgowo wonyale kpɔkpɔm, eye dzonu xɔasiwo ɖo atsyɔ̃ na wò kɔ.
11
Míawɔ sikakɔsɔkɔsɔ atsɔ klosalokpeviwo ade me na wò.
12
Esime fia bɔbɔ nɔ eƒe gbɔɖemezikpui me la, nye gbe ʋeʋẽewo nɔ ʋeʋẽm lílilĩ.
13
Nye dzi lɔlɔ̃a le nam abe kotoklobogoe le nye nowo dome ene.
14
Nye dzi lɔlɔ̃a le nam abe henaseƒoƒo le waingblewo me le En-Gedi ene.
15
Aa, nye dzi, èdze tugbe ŋutɔ! Ènyakpɔna koŋ! Wò ŋkuwo nyakpɔna abe ahɔnɛ ene.
16
Kpɔ ɖa, nye dzi, èdze ɖeka ŋutɔ! Ènyakpɔna ale gbegbe! Mía nɔƒe de ama.
17
Sedertiwo anye míaƒe xɔ ƒe glidzitiwo, eye fɔfɔlĩ anye míaƒe daɖedzitiwo.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8