bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Song of Solomon 7
Song of Solomon 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 8 →
1
Nyɔnu bubume, wò azɔlizɔzɔ nyale kpɔkpɔm le atokota me loo! Wò kpe toɖoewo le abe kpe xɔasi si aɖaŋudɔwɔla aɖe wɔ ene.
2
Wò agɔbɔ nye goe toɖoe; si me wain si wotɔtɔ la mevɔna le o. Wò ƒodo nye lu si woli kɔe, eye dzogbenya ƒo xlãe.
3
Wò no eveawo le abe sãdevi eve, alo zinɔ evenɔviwo ene.
4
Wò kɔ le abe nyiɖuxɔ tsrala ene. Wò ŋkuwo nye tá le Xesbon le Batrabim-gbo nu. Wò ŋɔti le abe Lebanon-xɔ tsrala si le Damasko ta kpɔm ɖa ene.
5
Wò ta le wò, ameti la nu abe Karmel ene. Wò taɖa le legbee abe aɖabɛ ene; eƒe nyonyo zu kɔsɔkɔsɔ bla fia.
6
Lɔlɔ̃tɔ, èdze tugbe, nyakpɔna; ɖetugbi, wò nu lé dzi nam loo!
7
Èle tsralɛ abe deti ene; wò nowo le abe detawo ene.
8
Mebe made deti la dzi alé eƒe alɔwo. Wò nowo nenye wainkpo le wainka ŋu, eye wò gbɔgbɔ ƒe ʋeʋẽ lílilĩ nenɔ abe yevutɔ tɔ ene.
9
Wò nu me nenɔ abe wain nyuitɔ ene. Ekema nàna wain la nasí blewuu ato nuyiawo kple aɖuawo dome ayi.
10
Nye dzi lɔlɔ̃a tɔ menye, eye ele diyem vevie.
11
Nye dzi lɔlɔ̃a, va, na mído yi agbleta aɖadze kɔƒe aɖe me.
12
Na mído yi waingblewo me kaba aɖakpɔ ɖa be wainkaawo do lotò, seƒoƒowo kè, eye yevuboɖatiwo ƒo se hã. Afi ma matsɔ nye lɔlɔ̃ ana wò le.
13
Agbitsawo ƒe ʋeʋẽ lílilĩ kaka ɖi, kutsetse nyui vovovowo le míaƒe ʋɔtru nu. Nye dzi lɔlɔ̃a, medzra wo ɖo na wò; yeyeawo kple xoxoawo siaa.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8