bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Song of Solomon 5
Song of Solomon 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 6 →
1
Nɔvinye nyɔnu, nye ŋugbetɔ, meva ɖo nye abɔ me. Meké nye kotoklobo kple gbe ʋeʋẽewo. Menyi nye anyixe kple nye anyitsi, eye meno nye wain kple nye notsi. Mía xɔlɔ̃wo, miɖu nu, mino nu mía lɔlɔ̃tɔwo, mino aha miamu.
2
Mele alɔ̃ me, ke nye dzi ya le ŋu. Se ɖa, nye dzi lɔlɔ̃a le ʋɔ ƒom! “Nɔvinye nyɔnu, nye dzi lɔlɔ̃a, nye ahɔnɛ, nye ame deblibo, ʋu ʋɔa nam! Elabe zãmu ƒo tame nam belee, eye nye ɖa me yɔ fũu kple adzadza.”
3
Meɖe nye awu ɖi, ale ke magadoe? Meklɔ nye afɔwo, ɖe magana woaƒo ɖia?
4
Nye dzi lɔlɔ̃a do asi ɖe eme, eye nye dzi kpɔ dzidzɔ le menye.
5
Mefɔ be maʋu ʋɔa na nye dzi lɔlɔ̃a. Esi melé gameti ƒe asiléƒea la, ami ʋeʋẽe le tsyɔtsyɔm le nye asi ŋu, eye ami ʋeʋẽe nyuitɔ le ɖuɖum le nye asibidɛ ŋu.
6
Meʋu ʋɔa na nye dzi lɔlɔ̃a; ke nye dzi lɔlɔ̃a trɔ dzo; ebu! Mebu ɖe ɖokuinye, esime wòƒo nu. Medii, gake nyemekpɔe o; meyɔe, gake metɔ o.
7
Dzɔla siwo le tsatsam le dua me la do gom. Woƒom, de abi ŋunye. Gli ŋu dzɔlawo ɖe nye taɖedzi le ŋunye.
8
Yerusalem vinyɔnuviwo, meta mi: Ne miekpɔ nye dzi lɔlɔ̃a la, mito nɛ be: Lɔlɔ̃ de dɔ lã me nam!
9
Tugbewo ƒe tugbe, nu ka wò dzi lɔlɔ̃a tsɔ ƒo lɔlɔ̃tɔ bubuwo tae? Nu ka gɔ̃ wò dzi lɔlɔ̃a tsɔ ƒo lɔlɔ̃tɔ bubuwo tae, hafi nèta nu na mí alea?
10
Nye dzi lɔlɔ̃a ƒe agbalẽ me klẽ, eye wòbiã. Le ŋutsu akpe ewo me la, ɖeke mede enu o.
11
Eƒe ta nye sika nyuitɔ kekeake; eƒe ɖa le mlɔmlɔmlɔ, eye wònyɔ yibɔɔ abe akpavia ene.
12
Eƒe ŋkuwo le abe ahɔnɛ siwo le notsi hele tɔʋu to ene, eye wosɔ ɖe ŋkuto me nɛ.
13
Eƒe alɔgo nye atike ʋeʋẽe kpó siwo le ʋeʋẽm lílilĩ. Eƒe nuyiwo nye dzogbenya siwo le kotoklobotsi tsroloe tsyɔm.
14
Eƒe abɔwo nye sikati mlimɔwo, siwo ŋu woɖo kpe xɔasiwoe. Ameti blibo la zrɔ̃ dredredrẽ abe nyiɖu ene, eye wotsɔ safirkpe ɖo atsyɔ̃ ɖe eŋu.
15
Eƒe atawo nye kpe ɣi sɔti siwo wòɖo sikafɔ dzi. Eƒe dzedzeme le abe Lebanon-to si dzi sederti nyuitɔwo le la ene.
16
Eƒe nuƒo vivina ŋutɔ; eƒe nuwɔna lé dzi nam ale gbegbe. Yerusalem vinyɔnuviwo, aleae nye dzi lɔlɔ̃ la le! Aleae xɔ̃nye la le!
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8