bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Song of Solomon 3
Song of Solomon 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 4 →
1
Medi ame si nye luʋɔ lɔ̃na la le nye aba dzi le zã me. Medii ʋuu gake nyemekpɔe o. Meyɔe, gake metɔ nam o.
2
“Fifia mafɔ aɖatsa le dua me. Matsa le ablɔwo me kple kpɔdomeewo adi nye dzi lɔlɔ̃a.” Medii kakaka, gake nyemeke ɖe eŋu o.
3
Dzɔla siwo le tsatsam le dua me la do gom. Mebia wo be: “Miekpɔ nye dzi lɔlɔ̃a le afi aɖea?”
4
Nyemekpɔ to wo ŋu yi o, kasia nye dzi lɔlɔ̃a nye esi. Melée, gbe asiɖeɖe le eŋu va se ɖe esime mekplɔe va nɔnye ƒemee; kplɔe ge ɖe ame si tsɔ nye fu la ƒe xɔ me.
5
Yerusalem vinyɔnuviwo, meta sãde kple zinɔ le gbe me na mi: Miganyɔ lɔlɔ̃ o; migaʋuʋui hã o, va se ɖe esime wòdze eya ŋutɔ ŋu hafi!
6
Nu kae nye ekem tso gbedadaƒo gbɔna abe dzudzɔ babla ene? Kotoklobo, lifi kple asitsalawo ƒe atikewɔ vovovowo le ʋeʋẽm lílilĩ le eŋu.
7
Kpɔ ɖa, Salomo ƒe apakae! Kalẽtɔ bla ade tso Israel-dukɔ ƒe kalẽtɔwo dome ƒo xlãe.
8
Wo katã bi ɖe yidada me. Wonya aʋawɔɖaŋu nyuie. Ame sia ame ƒe adekpui le aklito nɛ, elabe vɔvɔ̃ le zã ŋu.
9
Fia Salomo na wokpa apaka nɛ kple ati tso Lebanon.
10
Apaka la ƒe afɔwo nye klosalo, eƒe medeƒe nye sika, anyinɔƒe nye aɖabɛ, eye Yerusalem vinyɔnuviwo tsɔ lɔlɔ̃ ɖo atsyɔ̃ na eme.
11
Mido va. Zion-nyɔnuviwo, mikpɔ Fia Salomo ɖa! Mikpɔ fiakuku si le eta la ɖa! Nɔae ɖɔe nɛ le eƒe srɔ̃ɖegbe, si nye eƒe dzi ƒe dzidzɔkpɔgbe!
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8