bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Song of Solomon 8
Song of Solomon 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
1
Aa, manye nɔvinye ŋutsu si no nɔnye ƒe no nènye oa? Anye ne mekpɔ wò le ablɔ me la, magbugbɔ nu na wò, eye ame aɖeke mado vlom o.
2
Ekema makplɔ wò ayi nɔnye ƒeme, eye míage ɖe ame si tsɔ nye fu la ƒe xɔ me. Afi ma mana atike ʋeʋẽe, wain kple yevuboɖakutsetsetsi wò nàno le.
3
Aa, ɖe wòatsɔ eƒe miasi ade nye ta te, atsɔ eƒe nuɖusi akpla kɔ nam pɛ!
4
Yerusalem-nyɔnuviwo, metà mi: Miganyɔ lɔlɔ̃ o; migaʋuʋui hã o, va se ɖe esime wòdze eya ŋutɔ ŋu hafi!
5
Nyɔnu kae nye ekem tso gbedadaƒo gbɔna, ziɔ ɖe eƒe dzi lɔlɔ̃a ŋu? Yevutɔti te menyɔ wò le, afi ma nɔwò lé ku le, afi ma fu ɖu ame si dzi wò la le.
6
Wɔm abe nutrenu le wò dzi ŋu ene, abe nutrenu le wò abɔ ŋu ene. Elabe lɔlɔ̃ tri akɔ abe ku ene, eye ŋuʋaʋã vɔ̃ɖi abe yɔdo ene. Lɔlɔ̃ ƒe bibi le abe dzo ƒe bibi ene; dzo ƒe aɖe sesẽ wònye.
7
Tsi geɖe mate ŋu tsi lɔlɔ̃ o; tɔɖɔɖɔ mate ŋu kplɔe dzoe o. Ne ame aɖe tsɔ eƒeme kesinɔnuwo katã na ɖe lɔlɔ̃ ta la, ɖeko woaɖu fewu le eŋu.
8
Nɔvinyɔnu sue aɖe le mía si; mete no o. Nu ka míawɔ na mía nɔvinyɔnu sia, gbe si gbe wova eta bia ge?
9
Nenye gli wònye la, míatsɔ klosalo atɔ kpɔ ɖe edzi; nenye ʋɔtru wònye la, míatsɔ sederʋuƒowo atɔ kpɔ ɖe eŋu.
10
Gli menye, eye nye nowo le abe gbetakpɔxɔwo ene. Mele eŋkume abe ame si he ŋutifafa vɛ ene.
11
Waingble le Salomo si le Baal-Hamon. Etsɔ agblea de agbledzikpɔlawo si. Edi tso wo dome ame sia ame si be wòaxe klosaloga akpe ɖeka na ye ɖe kutsetseawo ta.
12
Nye waingble, nye ŋutɔ nye waingble la, tɔnyee; Salomo, wò la, akpe ate ŋu anɔ asiwò, eye kutsetsedzikpɔlawo la, alafa eve anɔ wo si.
13
Wò ame si nɔa abɔwo me, nye zɔhɛwo le to ɖom be yewoase wò gbe; na masee!
14
Netsɔ, nye lɔlɔ̃tɔ! Wɔ abe sãde alo zivi le atike ʋeʋẽe towo dzi ene!
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8