bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Song of Solomon 4
Song of Solomon 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 5 →
1
Kpɔ ɖa, nye dzi lɔlɔ̃a, èdze tugbe loo! Kpɔ ɖa, ènyakpɔna ale gbegbe! Wò ŋkuwo nye ahɔnɛwo le wò moxevɔ la godo. Wò ɖa le abe gbɔ̃hawoe le abu ɖim le Gilead-to ŋu ene.
2
Wò aɖuwo le abe alẽha si woko fu na vɔ teti, eye wodo tso tsileƒe va ene. Wo katã dzi evenɔviwo, ɖeketɔ meku le wo dome o.
3
Wò nuyiwo le abe ka dzẽ ene, eye wò nu nyale kpɔkpɔm. Wò alɔgowo dze abe yevuboɖa si me wofe ene, le wò moxevɔ godo.
4
Wò kɔ le abe David ƒe xɔ tsrala si wotu hena gbetakpɔkpɔ ene. Woku akpoxɔnu akpe ɖe eŋu, wo katã nye kalẽtɔwo ƒe akpoxɔnuwo.
5
Wò no eveawo le abe sãdevi eve alo zi evenɔvi siwo le gbe ɖum le dzogbenyawo dome ene.
6
Mawɔ kaba ayi ɖanɔ kotoklobotowo dzi kple lifitogbɛwo dzi, va se ɖe esime anyinu nafa, eye vɔvɔli nu ayi.
7
Nye dzi lɔlɔ̃a, èsɔ, nyakpɔ, dzuƒe aɖeke mele ŋuwò o.
8
Nye ŋugbetɔ, ɖi va kplim tso Lebanon-to dzi! Ði va kplim tso Lebanon-to dzi! Dzo le Amana-to tame; ɖi le Senir to kple Xermon-to tame, dzatawo kple lãklewo nɔƒewoe.
9
Nɔvinye nyɔnu, nye ŋugbetɔ, ègblẽ tame nam. Ŋku si nètre kpɔmee kple atsyɔ̃ɖonu si le wò kɔdzonu me la gblẽ tame nam.
10
Nɔvinye nyɔnu, nye ŋugbetɔ, wò lɔlɔ̃ vivina loo! Wò lɔlɔ̃ vivina wu wain, eye wò ami sisiwo ƒe ʋeʋẽ lílilĩ ƒo atike ʋeʋẽewo katã tɔ ta.
11
Nye ŋugbetɔ, wò nuyi ɖaa seƒoƒo me tsi vivi; anyitsi kple notsi le wò aɖe te. Wò awuwo me le ʋeʋẽm lílilĩ abe Lebanon tɔ ene.
12
Nɔvinye nyɔnu, nye ŋugbetɔ, ènye abɔ si ƒe ʋɔ wodo, abɔ si le tutu; tsidzɔƒe si nu wotre.
13
Wò numiemiewo nye yevuboɖabɔ si me kutsetse nyuiwo, henaseƒoƒo kple gbe ʋeʋẽewo le.
14
Gbe ʋeʋẽewo kple agumetaku, gbekee, botsyo kple dzudzɔ ʋeʋẽe dogbewo katã, kotoklobo kple dzogbebable kpakple atike veviwo katã hã le afi ma.
15
Tsidzidzi le abɔ me, tsi gbagbe vudo kple tɔʋu si le sisím tso Lebanon-to dzi lae nènye.
16
Dzigbemeya, tso! Anyigbemeya, va! Miƒo to nye abɔ me ne eƒe ʋeʋẽ lílilĩ la nade afi sia afi. Na ne nye dzi lɔlɔ̃a nava eƒe abɔ me, ne wòaɖu eƒe kutsetse nyuiawo.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8