bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Song of Solomon 6
Song of Solomon 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 7 →
1
Tugbewo ƒe tugbe, afi ka wò dzi lɔlɔ̃a yi? Afi ka wò lɔlɔ̃tɔ ɖo tae ne míakpe ɖe ŋuwò adii?
2
Nye dzi lɔlɔ̃a yi eƒe abɔ me, ɖe atike ʋeʋẽe kpówo gbɔ. Anyi eƒe lãha le abɔ la me, eye wòaké dzogbenya.
3
Nye dzi lɔlɔ̃a nye tɔnye, eye nye hã menye etɔ. Enyia eƒe lãha le dzogbenyawo me.
4
Nye dzi lɔlɔ̃a, èdze tugbe abe Tirza ene, ènyo abe Yerusalem ene, eye èdzia ŋɔ abe aʋakɔ si lé aflagawo ɖe asi ene.
5
Ðe wò ŋkuwo ɖa le dzinye, elabe wole fu ɖem nam. Wò ɖa le abe gbɔ̃hawoe le abu ɖim le Gilead-to ŋu ene.
6
Wò aɖuwo le abe alẽha siwo do tso tsileƒe va ene. Wo katã dzi evenɔviwo; ɖeke tɔ meku o.
7
Wò alɔgowo le abe yevuboɖa si me wofe ene, eye wole dzedzem le wò moxevɔ godo.
8
Fia srɔ̃wo le bla ade, ahiãviwo le bla enyi; ɖetugbiwo ya mele xexlẽme o.
9
Ke ɖeka hɔ̃ ko nye tɔnye. Akpakpa wònye, ede blibo! Nɔa melɔ̃a nu le egbɔ o; vi vevi wònye na edzila. Ðetugbiwo kpɔe, kafui. Fia srɔ̃wo kple eƒe ahiãviwo hã kafui.
10
“Ame kae nye esi do gbɔna abe agudzedze ene? Enyakpɔ abe ɣleti ene, ele keklẽm abe ɣe ene, eye wòle ŋɔ dzim abe aʋakɔ si lé aflagawo ɖe asi ene.”
11
Meyi ɖe nye azibɔ me ne makpɔ gbe fɛ̃wo ƒe wɔwɔ me le bali me ɖa. Medi be makpɔ ɖa be wainkawo do lotò, eye yevuboɖatiwo ƒo se hã.
12
Kaka manya la, nyee nye esi le tasiaɖam me le nye fiavi xa.
13
Trɔ va; trɔ va! Sulamitɔ! Trɔ va, trɔ va, ne míakpɔ wò nyuie. Nu ka ta mianɔ Sulamitɔ kpɔm abe ɣeɖuɖu le aʋakɔ eve ŋkume ene?
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8