bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
2 Chronicles 10
2 Chronicles 10
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 11 →
1
Eye Rexabeam yi Sixem, elabena Israel blibo la va Sixem, be woatsɔe aɖo fiae.
2
Esime Yerobeam, Nebat vi la, see la, — elabena ele Egipte, afisi wòsi le fia Salomo nu yi — Yerobeam trɔ gbɔ tso Egipte.
3
Eye wodɔ ame wòɖayɔe vɛ. Tete Yerobeam kple Israel blibo la va, eye woƒo nu kple Rexabeam bena:
4
Fofowò na míaƒe kɔkuti la kpe, eyata ka fofowò ƒe dɔ sesẽ kple eƒe kɔkuti kpekpe, si wòɖo mía dzi la, dzi ɖe na mi, ekema miasubɔ wò.
5
Eɖo ŋu na wo bena: Miva gbɔnye le ŋkeke etɔ̃ megbe! Eye dukɔ la dzo.
6
Tete fía Rexabeam de adaŋu kple ame tsitsi, siwo nɔ fofoa Salomo ŋu le eƒe agbenɔɣi, gblɔ bena: Adaŋu ka miaɖo, be woatsɔ aɖo ŋu na dukɔ sia?
7
Woɖo ŋu nɛ bena: Ne ekɔ dɔme ɖe dukɔ sia ŋu egbea, nèwɔ wo nyuie, eye neƒo nu kpli wo nyuie la, ekema woasubɔ wò ɖaa.
8
Ke egbe ame tsitsiawo ƒe adaŋu, si woɖo nɛ la, eye wòɖade adaŋu kple ɖekakpui, siwo nye ehatiwo, eye wonɔa eŋu la,
9
gblɔ na wo bena: Aɖaŋu ka miaɖo, ne miatsɔ aɖo ŋu na dukɔ, si va gblɔ nam bena: Ka kɔkuti, si fofowò ɖo mía dzi la dzi ɖe na mi?
10
Tete ɖekakpui, siwo nye ehatiwo la, ɖo eŋu nɛ bena: Ale naɖo ŋu na dukɔ, si va gblɔ na wò bena: Fofowò na míaƒe kɔkuti kpe, eyata ka edzi ɖe na mí la, ahagblɔ na wo enye si: Nye asibide kɔtoetɔ tri wu fofonye ƒe ali.
11
Fofonye tsɔ kɔkuti kpekpe ɖo mia dzi, ke nye la mana miaƒe kɔkuti la nakpe ɖe edzi na mi: fofonye ƒo mi kple atam, ke nye la maƒo mi kple dziɖegbe!
12
Le ŋkeke etɔ̃agbe la Yerobeam kple dukɔ blibo la va Rexabeam gbɔ, abe alesi fia la gblɔ bena: Miva gbɔnye le ŋkeke etɔ̃agbe ene.
13
Eye fia la he nya sesẽ kpli wo. Fia Rexabeam gbe ame tsitsiawo ƒe aɖaŋu,
14
eye wòƒo nu kpli wo le ɖekakpuiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu bena: Fofonye na miaƒe kɔkuti kpe, ke nye la mana woakpe ɖe edzi na mi; fofonye ƒo mi kple atam, ke nye la maƒo mi kple dziɖegbe!
15
Ale fia la meɖo to dukɔ la o, elabena Mawue trɔe alea, ne Yehowa nawɔ eƒe nya, si wògblɔ to Silotɔ Axiya dzi na Yerobeam. Nebat vi la dzi.
16
Esi Israel blibo la kpɔ bena, fia la mese yewoƒe gbe o la, dukɔ la ɖo ŋu na fia la bena: Gome ka le Dawid gbɔ na mí, eye domenyinu ka le Isai vi la gbɔ na mi? Israel, amesiame neyi eƒe agbadɔ me! Azɔ Dawid, kpɔ wò aƒe gbɔ! Eye Israel blibo la yi woƒe agbadɔwo me.
17
Ke Rexabeam ɖu fia ɖe Israel-vi, siwo le Yuda-duwo me la dzi.
18
Eye fia Rexabeam da Hedoram, amesi le dɔwɔwɔ nu la, ɖo ɖa, ke Israel-viwo ƒu kpee woku. Tete fia Rexabeam wɔ kaba ɖo tasiaɖam hesi yi Yerusalem.
19
Ale Israel ʋu le Dawid ƒe aƒe la gbɔ vaseɖe egbe.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36