bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
2 Chronicles 22
2 Chronicles 22
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 23 →
1
Eye Yerusalemtɔwo tsɔ eƒe dɔmlɔea Axazya ɖo fia ɖe eteƒe, elabena adzoha, siwo va asaɖa me kple Arabiatɔwo, wu xoxoetɔwo katã. Ale Yuda-fia Yoram ƒe vi Axazya zu fia.
2
Axazya xɔ ƒe blave vɔ eve, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe ɖeka le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Atalya, Omri ƒe vinyɔnu.
3
Eya hã to Axab ƒe aƒe la ʋe me, elabena dadaa nye eƒe aɖaŋuɖola le nu vlo wɔwɔ me.
4
Eye wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me abe Axab ƒe aƒe la ene, elabena woawòe nye eƒe aɖaŋuɖolawo le fofoa ƒe ku megbe hena eƒe gbegblẽ.
5
Eɖo to woƒe aɖaŋuɖoɖowo, eye woho aʋa kple Israel-fia Yoram, Axab vi, yi Ramot-Gilead ɖe Aram-fia Xazael ŋu; ke Aramtɔwo si Yoram
6
Tete wògbɔ, be woada gbe le ye ŋu le Yezreel, elabena wode abi eŋu le Rama, esime wòwɔ aʋa kple Aram-fia Xazael. Eye Yuda-fia Axazya, Yoram vi yi, be yeakpɔ Yoram. Axab vi la ɖa le Yezreel, elabena ele da lém.
7
Ke Mawue toto ta me na Axazya, be wòayi Yoram gbɔ. Esi wòva la, eya kple Yoram woho ɖe Yehu, Nimsi vi, amesi Yehowa si ami na, be yeatsrɔ̃ Axab ƒe aƒe la ŋu.
8
Eye wòva me, esime Yehu le to hem na Axab ƒe aƒea la, ekpa Yuda-amegãwo kple Axazya nɔviwò ƒe viwo, amesiwo subɔa Axazya la, — eye wowu wo.
9
Edi Axazya, eye wolée, esime wòɣla ɖe Samaria. Eye wokpɔe va Yehu gbɔ, eye wòna wowui hetso ɖi; elabena wogblɔ be, eya nye Yosafat, amesi tso eƒe dzi blibo di Yehowa la ƒe vi. Azɔ amea ɖeke megale Axazya ƒe me, amesi ate ŋu aɖu fia o.
10
Eye esi Axazya dada kpo be, ye vi ku la, etso, eye wowu Yuda ƒe aƒe ƒe fiaƒome blibo la.
11
Tete fia ƒe vinyɔnu Yoseba fi Yoas, Axazya vi, le fiavi, siwo wu ge woala la dome, eye wòkplɔ eya kple eƒe nonala yi abaxɔ me. Ale fia Yoram ƒe vinyɔnu Yoseba, amesi nye nunɔla Yoyada srɔ̃ la, ɣlae ɖe Atalya, eye mete ŋu wui o, elabena eya nye Axazya nɔvinyɔnu.
12
Eye wòɣla ɖe wo gbɔ le Mawu ƒe aƒe la me ƒe ade, eye Atalya ɖu anyigba la dzi.
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 23 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36