bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
2 Chronicles 11
2 Chronicles 11
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 12 →
1
Esi Rexabeam va Yerusalem la, eƒo Yuda kple Benyamin ƒe aƒe la nu ƒu, wole aʋawɔla tiatia akpe alafa ɖeka kple blanyi, ne woaɖawo aʋa kple Israel, eye woagbugbɔ fiaɖuƒe la na Rexabeam.
2
Tete Yehowa ƒe gbe va Mawu ƒe ame Semaya gbɔ bena:
3
Gblɔ na Yuda-fia Rexabeam, Salomo vi, kple Israel blibo, si nye Yuda kple Benyamin bena:
4
Ale Yehowa gblɔ esi: Migaho yi ɖawɔ aʋa kple mia nɔviwò o, mia dome amesiame negbugbɔ yi eƒe me, elabena gbɔnye nya sia tso! Tete woɖo to Yehowa ƒe gbe hegbugbɔ, eye wodzudzɔ aʋahoho ɖe Yerobeam ŋu.
5
Eye Rexabeam nɔ Yerusalem, eye wòtso du sesẽwo ɖe Yuda
6
Etso Betlexem, Etam, Tekoa,
7
Bet-Zur, Soxo, Adulam,
8
Gat, Maresa, Zif,
9
Adorayim, Laxis, Azeka,
10
Zora, Ayalon kple Xebron, siwo le Yuda kple Benyamin, wòzu du sesẽwo.
11
Ewɔ mɔ siawo sesĩe, eɖe aʋafiawo ɖo wo me, eye wòdzra nuɖuɖu, ami kple wein ɖo ɖe wo me;
12
eda akpoxɔnuwo kple akplɔwo ɖe du sia du me, eye wòna wòzu du sesẽ ŋutɔwo. Yuda kple Benyamin nye etɔ.
13
Eye nunɔlawo kple Lewi-viwo, siwo le Israel bliboa la, tso woƒe anyigbawo katã dzi va egbɔ;
14
elabena Lewi-viwo gblẽ woƒe duwo kple woƒe anyigbawo ɖi heʋu va Yuda kple Yerusalem, elabena Yerobeam kple viawo nyã wo, be womaganye nunɔlawo na Yehowa o.
15
Ke eya ŋuta ɖo nunɔlawo na nuxeƒewo kple azizãwo kpakple nyivi, siwo wòwɔ.
16
Eye amesiwo ƒe dzi le Yehowa, Israel ƒe Mawu la, dim la, tso Israel-toawo katã me dze wo yome va Yerusalem, ne woasa vo na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la.
17
Woawoe ti ke Yuda-fiaɖuƒe la, eye wodo ŋusẽ Rexabeam, Salomo vi la, ƒe etɔ̃; elabena woto Dawid kple Salomo ƒe ʋe me ƒe etɔ̃.
18
Eye Rexabeam ɖe Maxalat, Dawid vi Yerimot ƒe vinyɔnu, kple Abixayil, Isai vi Eliab ƒe vinyɔnu;
19
eya dzi ŋutsuviwo nɛ, siwo nye: Yeus, Semarya kple Zaham.
20
Eyome wòde Absalom vinyɔnu Maaxa; eya dzi Abiya, Atai, Ziza kple Selomit nɛ.
21
Eye Rexabeam lɔ̃ Absalom vinyɔnu Maaxa wu srɔ̃awo kple eƒe ahiãwo katã, elabena eɖe srɔ̃ wuienyi, eye wòdze ahiã blaade, eye wòdzi ŋutsuvi blave vɔ enyi kple nyɔnuvi blaade.
22
Eye Rexabeam tsɔ Abiya, Maaxa vi, ɖo tame le nɔviawo dome, elabena edi be, yeatsɔe aɖo fiae.
23
Eye wòdze aɖaŋu hemã viawo katã ɖe du sesẽawo katã me le Yuda kple Benyamin ƒe anyigbawo katã dzi, ena nuɖuɖu wo kpaŋkpaŋ, eye, wòɖe srɔ̃ geɖe na wo.
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36