bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
2 Chronicles 18
2 Chronicles 18
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 19 →
1
Ale kesinɔnu kple bubu su Yosafat si taŋ, eye wòzu Axab ƒe to.
2
Le ƒea ɖewo megbe la eyi Axab gbɔ le Samaria, eye Axab wu alẽwo kple nyiwo fũ na eya kple amesiwo kpe ɖe eŋu; eye woble enu yi Ramot-Gilead.
3
Israel-fia Axab gblɔ na Yuda-fia Yosafat bena; Ayi Ramot-Gilead kplima? Eɖo ŋu nɛ bena: Mele abe wò ene, eye wò dukɔ le abe nye dukɔ ene, mayi aʋa la kpli wò!
4
Ke Yosafat gblɔ na Israel-fia bena: Bia gbe Yehowa se gbɔ!
5
Tete Israel-fia ƒo nyagblɔɖila alafa ene nu ƒu, eye wògblɔ na wo bena: Maho aʋa yi Ramot-Gilead loo, alo nyemagayi oa? Woɖo ŋu bena: Ho yi, Mawu atsɔe ade asi na fia la!
6
Tete Yosafat gblɔ bena: De Yehowa ƒe nyagblɔɖilaa ɖeke mele afisia, ne míabia nu le egbɔ oa?
7
Israel-fia ɖo ŋu na Yosafat bena: Ame ɖeka li, si gbɔ wobiaa gbe Yehowa le; ke melé fui, elabena metoa nya nyuia ɖeke nam le eƒe agbe me ŋkekewo katã me o, negbe vɔ̃a ko; eya nye Mixa, Yimla vi. Yosafat gblɔ bena: Fia la megana nu ƒom alea o.
8
Tete Israel-fia yɔ aƒedzikpɔla ɖeka gblɔ bena: Yi ɖayɔ Mixa, Yimla vi vɛ fififi!
9
Eye Israel-fia kple Yuda-fia Yosafat wo dome ɖesiaɖe do fiawu bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi, eye wobɔbɔ no lugbɔƒe le Samaria-gbo nu, eye nyagblɔɖilawo katã le nya gblɔm ɖi le wo ŋku me.
10
Zedekya, Kenaana vi, tsɔ ga wɔ lãdzowo gblɔ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Esiawo natsɔ atu Aramtɔwo, vaseɖe esime natsrɔ̃ wo avɔ.
11
Eye nyagblɔɖilawo katã gblɔ nya ɖi alea gblɔ bena: Ho yi Ramot-Gilead, eye adze edzi na wò; elabena Yehowa atsɔe ade asi na fia la.
12
Eye dɔla, si yi Mixa yɔ ge la, gblɔ ne bena: Kpɔ ɖa, nyagblɔɖilawo ƒe gbe sɔ, eye wogblɔ nya nyui na fia la; eyata wò nya nena abe wo dome ɖesiaɖe ta ene, eye ƒo nu nyuie!
13
Tete Mixa gblɔ bena: Meta Yehowa ƒe agbe: Ne menye nya, si nye Mawu ato nam la, magblɔ o fi!
14
Esi wòva fia la gbɔ la, fia la gblɔ nɛ bena: Mixa, mího aʋa yi Ramot-Gilead loo, alo migayi oa? Eɖo ŋu be: Miho yi, adze edzi nami, eye woatsɔ wo ade asi na mi!
15
Tete fia la gblɔ nɛ bena: Zi nenie maka atam na wò be, nato nyateƒe sɔŋ ko nam le Yehowa ƒe ŋkɔ mea?
16
Eɖo ŋu be: Mekpe Israel blibo la woka xlẽ ɖe towo dzi abe alé, siwo kplɔlaa ɖeke mele wo nu o ene; eye Yehowa gblɔ be; Aƒetɔa ɖeke mele amesiawo nu o, wo dome amesiame negbugbɔ yi eƒe me faa!
17
Tete Israel-fia gblɔ na Yosafat bena: Nyemegblɔe na wò be, metoa nya nyuia ɖeke nam o, negbe vɔ̃a ko oa?
18
Eye wògblɔ nɛ be: Azɔ se Yehowa ƒe gbe: Mekpɔ Yehowa wòbɔbɔ no eƒe fiazikpui dzi, eye dziƒoʋakɔ blibo la le tsitre le eƒe ɖusi kple mia me.
19
Eye Yehowa gblɔ bena: Ameka ayi aɖaflu Israel-fia Axab, ne wòaɖatsi aʋa le Ramot-Gilead a? Amesi be ale, ame keme be ale.
20
Tete gbɔgbɔa ɖe do ɖe Yehowa ŋku me gblɔ bena: Mayi aɖaflui! Yehowa gblɔ nɛ bena: Aleke nawɔe?
21
Eɖo ŋu bena: Mayi aɖanye aʋatsogbɔgbɔ anɔ eƒe nyagblɔɖilawo katã, ƒe nu me. Eye wògblɔ bena: Ate ŋu aflui vavã. Heyi ɖawɔ alea!
22
Eyata kpo ɖa, Yehowa ye ɖe aʋatsogbɔgbɔ wò nyagblɔɖila siawo nu; elabena Yehowa do dzɔgbevɔ̃e ɖe ŋuwò.
23
Tete Zedekya, Kenaana vi, te va ƒo to me na Mixa gblɔ bena: Afika Yehowa ƒe gbɔgbɔ dzo le gbɔnye yi hafi va ƒo nu kpli wò?
24
Mixa ɖo ŋu bena: Kpɔ ɖa, àkpɔe le gbesigbe nasi atso xa me ayi xɔ me, be naɣla ɖokuiwò!
25
Tete Israel-fia gblɔ bena: Milé Mixa, ne miakplɔe agbugbɔ ayi dumegã Amon kple fiavi Yoas gbɔ,
26
eye migblɔ bena: Ale fia la gblɔ esi: Mitsɔ amesia de gaxɔ me, eye mina abolo via ɖe koe wòaɖu kple tsi via ɖe koe, vaseɖe esime matrɔ agbɔ le ŋutifafa me.
27
Mixa ɖo ŋu bena: Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema menye Yehowa ye ƒo nu to dzinye o. Eye wògblɔ bena: Mi dukɔwo katã, miele esema?
28
Tete Israel-fia kple Yuda-fia Yosafat woho yi Ramot-Gilead.
29
Eye Israel-fia gblɔ na Yosafat bena: Maɖo li nye awuwo, eye mayi aʋa la nu, ke wò la wò awuwo nenɔ ŋuwò! Eye Israel-fia ɖɔ li eƒe awuwo heyi aʋa la nu.
30
Ke Aram-fia de se na eƒe tasiaɖam-amegãwo gblɔ bena: Migakpe kple ame tsɛ loo alo amegãa ɖeke o, ke boŋ mikpe kple Israel-na ɖeɖeko!
31
Esi tasiaɖam-amegãwo kpo Yosafat la, woɖe to ɖee, be woakpe kplii, elabena wobu be, eya nye Israel-fia la. Tete Yosafat de asi aƒadodo me; eye Yehowa xɔ nɛ, eye Mawu ble wo dzoe le eŋu.
32
Esi tasiaɖam-amegãwo kpɔ be, menye Israel-fia lae o la, wotrɔ dzo le eŋu.
33
Ke ŋutsua ɖe vu eƒe da me heda ɖe ya me, eye wote Israel-fia le gawua kpeƒe. Tete wògblɔ na eƒe tasiaɖamkplɔla bena: Trɔ, ne nakplɔm dzo le aʋa la nu, elabena mexɔ abi!
34
Aʋa la nu sẽ gbemagbe, eye Israel-fia tsi tre ɖe tasiaɖam la me le Aramtɔwo kasa vaseɖe fiẽ, eve woku, esime ɣe ɖo to.
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36