bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
2 Chronicles 4
2 Chronicles 4
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 5 →
1
Eye wòwɔ akɔblivɔsamlekpui la, edidi abɔklugui blave, eye wòkɔ abɔklugui ewo.
2
Eye wòkɔ gazɔ la wòle tegblẽ, tso etoga ɖeka vaseɖe toga keme le abɔklugui ewo, ekɔ abɔklugui atɔ̃, eye ka abɔklugui blaetɔ̃ atui akpe ɖo.
3
Wowɔ treklɔnutsetsewo ɖe eto godoo va kpe, wo ame ewo le abɔklugui ɖeka; treklɔnutsetsea wo le agbaka eve me ƒo xlã gazɔ la, eye wokɔ wo kplii ɖekae.
4
Ele nyi wuieve dzi; wo ame etɔ dze ŋgɔ anyiehe, eye wo ame etɔ̃ dze ŋgɔ ɣetoɖoƒe, wo ame etɔ̃ dze ŋgɔ dziehe, eye wo ame etɔ̃ dze ŋgɔ ɣedzeƒe; gazɔ la nɔ wo dzi, eye wo katã tre agɔmegbɔ ɖe eme lɔƒo.
5
Etri asibide ene ƒe kekeme, eye eto le abe kpluto ene heɖi dzogbenya seƒoƒo; bat akpe etɔ̃ anɔ eme.
6
Eye wòwɔ gagba ewo; etsɔ wo ame atɔ̃ ɖo ɖusi me, eye wòtsɔ wo ame atɔ̃ ɖo mia me, esiwo me woaklɔ nuwo ɖo; woawo me woakpala numevɔsa ƒe lãwo ɖo, ke gazɔ la li, bena nunɔlawo nale tsi ɖe eme.
7
Ewɔ sikakaɖi; ewo ɖe woƒe ɖoɖo la nu eye wòtsɔ wo ɖa ɖe dodonuxɔ la me, wo ame atɔ̃ le ɖusi me, eye wo ame atɔ̃ le mia me.
8
Ewɔ kplɔ̃ ewo hetsɔ da ɖe dodonuxɔ la me, wo ame atɔ̃ le ɖusi me, eye wo ame atɔ̃ le mia me; eye wòwɔ sikatre alafa ɖeka.
9
Eye wòtɔ nunɔlawo ƒe kpɔ kple kpɔ gãtɔ, ekpa kpɔ la ƒe agbowo, eye wofa akɔbli ɖe agboa wo ŋu.
10
Eye wotsɔ gazɔ la ɖo ɖusi me kpa dzi le ɣedzeƒe gome ʋã ɖe dziehe.
11
Eye Xuram wɔ zewo, sofiwo kple trewo. Ale Xuram wu Mawu ƒe xɔ ŋu ɖɔ la nu na fia Salomo,
12
sɔti eveawo kple woƒe ta mligo, siwo le sɔti eveawo dzi,
13
yevuboɖa alafa ene ɖe gaɖɔ eveawo ŋu; yevuboɖawo le agbaka eve me le gaɖɔ ɖeka ŋu, ne woaxe la mligo, siwo le sɔti eveawo dzi la ŋu;
14
ewɔ anyinɔwo kple gagbawo ɖe anyinɔawo ŋu;
15
gazɔ ɖeka kple nyi wuieve, siwo le ete;
16
zewo, sofiwo kple gaflowo. Eye Xuram-Abi tsɔ akɔbli, si ŋu wozrɔ̃, wɔ nusiwo katã kpe ɖe wo ŋu la, na fia Salomo hena Yehowa ƒe aƒe la.
17
Eye fia la na wokɔ wo ɖe nɔnɔme, sii wotsɔ anyi wɔe la me le Yordan-nutowo me le Sukot kple Zeredata dome.
18
Salomo wɔ nusiawo katã taŋtaŋ, elabena akɔbliawo mele dada me o.
19
Eye Salomo tsɔ sika nyuitɔ wɔ Mawu ƒe aƒe la me nuwo katã: sikavɔsamlekpui la kple kplɔ̃, siwo dzi woada ŋkumeɖobolo ɖo,
20
akaɖitiawo kple woƒe akaɖigbɛ, siwo anɔ bibim le megbexɔ la ŋgɔ ɖe ɖoɖo la nu.
21
Seƒoƒoawo, akaɖigbɛawo kple ɖovulãnuawo nye sika nyuitɔ; eye xɔla ƒe ʋɔtruwo, siwo nye kɔkɔe ƒe wo ƒe kɔkɔeƒe ƒe ʋɔtruwo kple kɔkɔeƒe la ƒe ʋɔtruwo la, nye sika.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36