bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
2 Chronicles 8
2 Chronicles 8
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 9 →
1
Le ƒe blave, siwo Salomo tsɔ tu Yehowa ƒe xɔ kple eya ŋuta ƒe xɔ megbe la,
2
Salomo gbugbɔ du, siwo Xuram tsɔ nɛ la tso, eye wòna Israel-viwo nɔ afima.
3
Eye Salomo ho yi ɖaxɔ Xamat-Zoba.
4
Eye wòtso Tadmor le gbe dzi kple nudzraɖoƒedu, siwo katã wòtso ɖe Xamat.
5
Etso Dzigbe-Bet-Xoron kple Anyigbe-Bet-Xo-ron wonye du sesẽwo, siwo ŋu woɖo gli ɖo, eye agbo kple gameti le wo nu.
6
Etso Baalat kple nudzraɖoƒedu, siwo katã Salomo tso, kpakple tasiaɖamwo kple sɔdolawo ƒe duwo katã hekpe ɖe xɔ, siwo katã Salomo ɖi be, yeatu ɖe Yerusalem, Libanon kple eƒe fiaɖuƒe ƒe anyigba bliboa dzi la ŋuti.
7
Dukɔ, siwo katã kpɔtɔ le Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo dome, amesiwo metso Israel dome o la,
8
woƒe vi, siwo kpɔtɔ ɖe anyigba dzi le wo megbe, amesiwo Israel-viwo metsrɔ̃ gbidigbidi o la, woawo Salomo tso wo yakadɔwɔlawoe vaseɖe egbe.
9
Ke Salomo metso Israel-viwo dometɔa ɖeke wo kluvii ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu o, ke boŋ woawo nye eƒe aʋawɔlawo tatɔwo kple tasiaɖamwo kple sɔdolawo ƒe amegãwo.
10
Fia Salomo ƒe dɔdzikpɔlawo ƒe amegãwo le ame alafa eve kple blaatɔ̃, amesiwo kpɔa dukɔ la dzi.
11
Ke Salomo kplɔ Farao vinyɔnu la tso Dawid ƒe du la me yi xɔ, si wòtu nɛ la me, elabena egblɔ be: Srɔ̃nyea ɖeke manɔ Israel-fia Dawid ƒe me o, elabena kɔkɔeƒe wònye, le esi Yehowa ƒe aɖaka la va afima ta.
12
Ɣemaɣi Salomo sa numevɔ na Yehowa le Yehowa ƒe vɔsamlekpui, si woɖi ɖe akpala la ŋgɔ la dzi,
13
eye wosa vɔ le ŋkeke sia ŋkeke ƒe kɔa nu, le dzudzɔgbewo, dzinu yeyewo kple ŋkekenyuiewo dzi, zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me, le abolo maʋamaʋã ŋkekenyuiewo, le kwasiɖawo ŋkekenyuiewo kple agbadɔŋkekenyuiewo dzi le Mose ƒe se la nu.
14
Eɖo nunɔlawo ƒe hawo woƒe subɔsubɔdɔwo nu, le fofoa Dawid ƒe ɖoɖo la nu kple Lewi-viwo woƒe dɔwo nu, ne woakafu, eye woasubɔ le nunɔlawo gbɔ, le ŋkeke sia ŋkeke ƒe kɔa nu, kple agbonudzɔlawo ƒe hawo ɖe agbo sia agbo nu, elabena alea Mawu ƒe ame Dawid de se gblɔ.
15
Eye womeɖe ɖeke le fia ƒe se, si woɖe ɖe nunɔlawo, Lewi-viwo kple nua wo katã kpakple nudzraɖoƒeawo ŋu la me o.
16
Ale wowɔ Salomo ƒe dɔ blibo lae tso gbesigbe woɖo Yehowa ƒe xɔ la gɔme anyi, vaseɖe esime wowu enu; wowɔ Yehowa ƒe xɔ la ɖe mii keŋkeŋ.
17
Ɣemaɣi Salomo ho yi Ezyon-Geber kple Elot, le ƒu nu le Edom-nyigba dzi.
18
Eye Xuram tsɔ ʋuwo ɖe eƒe dɔlawo si ɖo ɖee hekpe ɖe ƒu ŋu dɔwɔlawo ŋu, eye woawo kple Salomo ƒe dɔlawo yi Ofir ɖatsɔ sika talento alafa ene blaatɔ̃ tso afima vɛ na fia Salomo.
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36