bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
2 Chronicles 33
2 Chronicles 33
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 32
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 34 →
1
Manase xɔ ƒe wuieve, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ le Yerusalem.
2
Ewɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me le dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu.
3
Egagbugbɔ nuxeƒe, siwo fofoa Xizkiya gbã la tu, eye wòɖi vɔsamlekpuiwo na Baalwo, ewɔ Aserawo, eye wòde ta agu na dziƒonuwo katã hesubɔ wo.
4
Eɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yehowa ƒe aƒe, si ŋu Yehowa gblɔ le be, yeƒe ŋkɔ anɔ le Yerusalem tegbee la me.
5
Eɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuawo kple eve.
6
Eya hã na viawo to dzo me le Ben-Hinom-bali la me; esa dzo, eka afa, eye wosa akpase, eye wòɖo ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, eye wòwɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋku me hetsɔ do dziku ne.
7
Etso legba, si wòwɔ la, ɖo mawuxɔ me, xɔ, si ŋu Mawu gblɔ le na Dawid kple via Salomo bena: Matsɔ nye ŋkɔ aɖo xɔ sia me tegbee kple Yerusalem, si metia le Israel-towo katã me la.
8
Nyemena Israel ƒe afɔ nate ɖa le anyigba, si mena wo fofowo la dzi azɔ o, nenye be, wòlé nye sewo, ɖoɖowo kple kɔnuwo, siwo katã mena wo to Mose dzi la me ɖe, asi, eye wowɔ wo dzi ko.
9
Ke Manase ble Yuda kple Yerusalem wowɔ nu vɔ̃ɖi wu dukɔ, siwo Yehowa tsrɔ̃ ɖa le Israel-viwo ŋgɔ.
10
Eye Yehowa ƒo nu kple Manase kple eƒe dukɔ la, ke womeɖo toe o.
11
Eyata Yehowa na Asur-fia; ƒe aʋafiawo va ƒo ɖe wo dzi: wode ga Manase heɖe aboyoe, eye woɖe kɔsɔkɔsɔe hekplɔe yi Babel.
12
Eye esi wòɖo xaxa me la, eƒo, koko le Yehowa, eƒe Mawu la ŋku me, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi vevie le fofoawo ƒe Mawu la ŋku me.
13
Edo gbe ɖa nɛ, eye wosee nɛ, eɖo to eƒe kokoƒoƒo, eye wògakplɔe va Yerusalem le eƒe fiaɖuƒe la me. Tete Manase dze sii be, Yehowa ye nye Mawu.
14
Esia megbe la eɖo gli kɔtoeto ɖe Dawid ƒe du la ŋu le ɣetoɖoƒe gome to Gixon ŋu le bali la me ɖo ta tɔmelãgbo la nu heƒo xlã Ofel; eye wòɖo wo woka ŋutɔ. Eye woɖo aʋalawo Yuda-du sesẽwo katã me.
15
Eɖe mawu; tutɔwo kple legba la ɖa le Yehowa ƒe aƒe la me hekpe ɖe vɔsamlekpui, siwo katã wòɖi ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe to dzi kple Yerusalem la ŋuti, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe dua godo.
16
Eɖi Yehowa ƒe vɔsamlekpui la, eye wosa akpedavɔ kple kafukafuvɔ le edzi, eye wòde se na Yuda be, woasubɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la.
17
Negbe ɖeko dukɔ la gasa vɔ le nuxeƒewo, gake Yehowa ye wosanɛ na.
18
Manase ŋutinya susɔeawo, eƒe gbedodoɖa na eƒe Mawu kple nukpɔlawo ƒe nya, siwo wogblɔ nɛ le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me la, kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ŋutinya me.
19
Eƒe gbedodoɖa kple alesi woɖo toe, eƒe nuvɔ̃wo katã kple eƒe nu tovo wɔwɔwo kpakple teƒe, siwo wòtu nuxeƒewo do, eye wòtsɔ Aserawo kple legbawo ɖo hafi va bɔbɔ eɖokui la, kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe nukpɔlawo ŋutinya me.
20
Eye Manase mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe eƒe xɔ me, eye via Amon zu fia ɖe eteƒe.
21
Amon xɔ ƒe blave vɔ eve, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe eve le Yerusalem.
22
Ewɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, abe alesi fofoa Manase wɔ ene, eye Amon sa vɔ na legba, siwo katã fofoa Manase wɔ, eye wòsubɔ wo.
23
Ke mebɔbɔ eɖokui ɖe anyi le Yehowa ŋku me, abe alesi fofoa Manase va bɔbɔ eɖokui ene o; ke boŋ Amon sia na vodada la sɔ gbɔ ɖe edzi.
24
Eye eƒe dɔlawo ɖo nugbe ɖe eŋu hewui le eƒe me.
25
Tete dukɔ hahoo la tsɔ via Yosiya ɖo fia ɖe eteƒe.
← Chapter 32
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 34 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36