bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
2 Chronicles 28
2 Chronicles 28
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 29 →
1
Axaz xɔ ƒe blave, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Mewɔ nusi dze Yehowa ŋu abe fofoa Dawid ene o,
2
ke boŋ eto Israel-fiawo ƒe ne me, eye wòkɔ legbawo na Baalwo.
3
Edo dzudzɔ le Ben-Hinom-bali la me, eye wòna viawo to dzo me le dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu.
4
Esa vɔ, eye wòdo dzudzɔ le nuxeƒewo, togbɛwo dzi kple ati damawo katã te.
5
Tete Yehowa, eƒe Mawu la, tsɔe de asi na Aram-fia, eye wosii, eye woɖe aboyo eƒe ame geɖewo hekplɔ yi Damasko. Wotsɔe de asi na Israel-fia hã, amesi sii vevie ŋuta.
6
Eye Pekax, Remalya vi, wu ame akpe alafa ɖeka blave, siwo nye kalẽtɔwo sɔŋ, le Yuda le ŋkeke ɖeka dzi, elabena wogblẽ Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ɖi.
7
Efrayim ƒe kalẽto Zixri wu fiavi Maaseya kple aƒenua Azrikam kpa kple Elkana, amesi nye evelia, kplɔ fia ɖo.
8
Eye Israel-viwo ɖe aboyo nyɔnuwo, ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo ame akpe alafa eve le wo nɔviwò dome, eye woha woƒe nui geɖewo hã, eye wotsɔ aboyonuawo va Samaria.
9
Ke Yehowa ƒe nyagblɔɖilaa ɖe le afima, si ŋkɔ nye Obed. Eya eyi ɖakpe aʋakɔ, si va Samaria, eye wògblɔ na wo bena: Kpɔ ɖa, Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la, do dɔmedzoe ɖe Yuda ŋu, eye wòtsɔ wo de asi na mi; miaƒe adãwɔwɔ yi ɖale keke dziƒo, eye miewu amewo le wo dome.
10
Azɔ miele bubum be, miazi Yuda-viwo kple Yerusalem-viwo dzi, ne woanye dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo na mia? Ɖe menye fa ɖeɖe sɔŋ ko miawo hã míeɖi ɖe Yehowa, mia Mawu ŋu oa?
11
Eyata miɖo tom, eye nugbugbɔ aboyome, siwo mieɖakplɔ tso mia nɔviwo gbɔ la na, elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe le mia ŋu.
12
Tete ŋutsuwo tso Efrayim-viwo ƒe tatɔwo dome, woawo nye; Azarya, Yoxanan vi, Berexya, Mesilemot vi, Yexizkiya, Salum vi, kple Amasa, Xadlai vi, eye wotsi tre ɖe amesiwo gbɔ tso aʋa la ŋu,
13
gblɔ na wo bena: Migakplɔ aboyomeawo va afisia o, elabena fa ko wòanye míaɖi ɖe Yehowa ŋu! Ɖe, miebe, yewoadzi miaƒe nuvɔ̃wo kple miaƒe fɔɖiɖiwo ɖe dzia? Elabena míaƒe fɔɖiɖiwo sɔ gbɔ, eye dɔmedzoe le Israel dzi.
14
Tete akpablalawo he aboyomeawo kple aboyonuawo va amegãwo kple takpekpe la ŋku me.
15
Eye ŋutsu, siwo ŋkɔ woyɔ la, tsi tre xa aboyomeawo, wotsɔ awu tso aboyonuawo dome do na amesiwo katã le amama, wotsɔ awuwo kple; afɔkpawo, nuɖuɖu kple nunono na wo, wosi ami na wo, eye wotsɔ amesi wo katã gbɔdzɔ la, ɖo tedziwo dzi hekplɔ wo va wo nɔviwo gbɔ le devedu Yerixo me, eye wògagbugbɔ yi Samaria.
16
Ɣemaɣi fia Axaz da ame ɖo ɖe Asur-fiawo, be woava xɔ na ye.
17
Ke Edomtɔwo gava, wosi Yuda, eye woɖe aboyo amewo.
18
Eye Filistitɔwo hã va kaka ɖe tagbaduwo me kple Yuda ƒe dziehe, eye woxe Bet-Semes, Ayalon, Gederot, Soxo kple eŋu duwo. Timna kple eŋu duwo kpakple Gimso kple eŋu duwo, eye wono wo me.
19
Elabena Yehowa baba Yuda ɖe anyi le Yuda fia Axaz ta, elabena ena Yuda dze ha, eye meɖi anukware na Yehowa o.
20
Asur-fia Tiglat-Pileser va ƒoe ɖe anyi, ke mekpe asi ɖe asi ŋu nɛ o, hafi boŋ exaxae ɖo,
21
evɔ wònye Axaz ha Yehowa ƒe aƒe kpakple fia kple amegãwo ƒe aƒe hetsɔ na Asur-fia la hafi, ke egbe kpekpe ɖe eŋu.
22
Ke Axaz sia gãwo nu tovo ɖe dzi ɖe Yehowa ŋu le ɣeyiɣi, si me woxaxae ɖo.
23
Esa vo na Damaskotɔ, siwo sii la ƒe mawuwo gblɔ bena: Esi Aram-fiawo ƒe mawuwo kpe ɖe wo ŋu la, eyata nye hã masa vɔ na wo, ne woakpe ɖe nye hã ŋunye! Ke wòtrɔ zu mɔ̃ na eya kple Israel blibo la.
24
Eye fia la ƒo Mawu ƒe aƒe ŋu dɔwɔnuwo nu ƒu, eye wògbã Mawu ƒe aƒe ŋu dɔwɔnuwo, etu Yehowa ƒe aƒe ƒe ʋɔtruwo, eye wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖe dzogoewo katã dzi le Yerusalem.
25
Ewo nuxeƒewo ɖe Yuda-duwo katã me, ne woaɖo dzudzɔ na du bubu me tɔwo ƒe mawuwo, eye wòdo dziku na Yehowa, fofoawo ƒe Mawu la.
26
Eŋutinya susɔeawo kple eƒe nuwɔwɔwo katã, tsãtɔwo kple megbetɔwo la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo kple Israel-fiawo ƒe agbalẽ me.
27
Eye Axaz mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖu ɖe ɖu la me le Yerusalem, elabena wometsɔe yi Israel-fiawo ƒe ɖiƒe o; eye via Xizkiya zu fia ɖe eteƒe.
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 29 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36