bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
2 Chronicles 35
2 Chronicles 35
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 34
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 36 →
1
Yosiya ɖu ŋutitotoŋkekenyuie la na Yehowa le Yerusalem, eye wowu ŋutitotoŋkekenyuie ƒe lã le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia dzi.
2
Eɖo nunɔlawo woƒe dɔwo nu, eye wòde dzi ƒo na wo le Yehowa ƒe aƒe la ŋu dɔwo me.
3
Eye wògblɔ na Lewi-viwo, amesiwo fiãa nu Israel blibo la, eye wokɔa wo ŋu na Yehowa la bena: Mitsɔ aɖaka la yi xɔ, si Dawid vi Salomo, Israel-fia, tu la me, eye migatsɔe ɖe abɔta azɔ o. Eyata misubɔ Yehowa, mia Mawu la, kple eƒe dukɔ Israel ko.
4
Midzra mia ɖokui ɖo hamehame le miaƒe aƒekɔwo nu, abe alesi Israel-fia Dawid kple via Salomo ŋlɔe ɖi ene.
5
Eye Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe hawo natsi tre ɖe kɔkɔeƒe la ɖe wo nɔvi, siwo nye dukɔ la viwo ƒe hawo ƒe aƒekɔwo nu.
6
Miwu ŋutitotoŋkekenyuie ƒe lã la, eye mikɔ mia ɖokui ŋu, ne miadzrae ɖo na mia nɔviwo, ne woawɔ nu ɖe Mawu ƒe nya, si wògblɔ to Mose dzi la nu.
7
Eye Yosiya tsɔ alẽvi kple gbɔ̃vi akpe blaetɔ̃ na dukɔ hahoo la, be woatsɔ wo katã asa ŋutitotoŋkekenyuie ƒe vɔ ɖe amesiwo katã va la ta hekpe ɖe nyi akpe etɔ̃ nu, nusiawo tso fia la ƒe kesinɔnuwo me.
8
Eye eƒe amegãwo na nu dukɔ la, nunɔlawo kple Lewi-viwo faa. Xilkiya kple Zaxarya kpakple Yexiel, amesiwo nye Mawu ƒe aƒe la ƒe amegãwo la, tsɔ alẽvi kple gbɔ̃vi akpe eve kple alafa ade kple nyi alafa etɔ̃ na nunɔlawo ɖe ŋutitotoŋkekenyuie ƒe vɔsa la ŋu.
9
Xananya kple via Semaya kple Netaneel, Xasabya, Yeiel kple Yozabad, amesiwo nye Lewi-viwo ƒe amegãwo la, tsɔ alẽvi kple gbɔ̃vi akpe atɔ kple nyi alafa atɔ̃ na Lewi-viwo ɖe ŋutitotoŋkekenyuie ƒe vɔsa la ŋu.
10
Ale woɖo subɔsubɔ lae; nunɔlawo tsi tre ɖe wo nɔƒe, eye Lewi-viwo li le woƒe hawo nu, abe alesi fia la de se ene.
11
Wowu ŋutitotoŋkekenyuie ƒe lãwo, eye nunɔlawo hlẽ ʋu la tso wo si me, eye Lewi-viwo ko agbalẽ le wo ŋu.
12
Woɖe numevɔsawo hetsɔ na dukɔ hahoo la ƒe aƒekɔwo ƒe hawo, ne woatsɔ wo asa vɔe na Yehowa, abe alesi woŋlɔe ɖe Mose ƒe agbalẽ me ene. Alea wowɔ nyiawo hãe.
13
Womè ŋutitotoŋkekenyuie ƒe lã la le dzo me le ɖoɖo la nu, ko woɖa nunana kɔkɔeawo le gaze, ze kple agbawo me hetsɔ yi na dukɔ hahoo la katã.
14
Emegbe wowɔe na woawo ŋutɔ ɖokui kple nunɔlawo; elabena nunɔlawo, siwo nye Aron viwo, le dzo tom numevɔsa kple amiawo, vaseɖe esime zã do. Eyata Lewi-viwo wɔe na woawo ŋutɔ ɖokui kple nunɔlawo, siwo nye Aron vi wo hã
15
Hadzilawo, siwo nye Asaf viwo, le wò nɔƒe le Dawid kple Asaf. Heman kple fiaƒe nukpɔla Yedutun ƒe sedede nu; eye agbonudzɔlawo le agbo sia agbo nu, womedzo le woƒe da nu o, elabena wo nɔvi, Lewi-viwo, ɖa nu na wo.
16
Ale woɖo Yehowa ƒe subɔsubɔ blibo lae gbemagbe, woɖu ŋutitotoŋkekenyuie la, eye wosa numevɔ le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi, abe alesi fia Yosiya de se ene.
17
Israel-vi, siwo va la, ɖu ŋutitotoŋkekenyuie le ɣemaɣi, eye woɖu abolo maʋamaʋã ŋkekenyuie la ŋkeke adre.
18
Womeɖu ŋutitotoŋkekenyuie sia tɔgbe le Israel tso nyagblɔɖila Samuel ŋɔli kpo o, eye Israel-fiawo katã meɖu ŋutitotoŋkekenyuie, abe esi Yosiya kple nunɔlawo kple Lewi-viwo, Yuda blibo la kple Israel, si va, kpakple Yerusalemtɔwo ɖu la ene o.
19
Woɖu ŋutitotoŋkekenyuie sia le Yosiya ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me.
20
Le nusiawo katã megbe, esime Yosiya ɖo aƒe la ɖo vɔ la, Egipte-fia Nexo ho, be yeaɖawɔ aʋa le Karkemis gbɔ le Frat nu; eye Yosiya ho yi ɖakpee.
21
Tete wòdo amewo ɖo ɖee, ne woagblɔ nɛ bena: Yuda-fia, nya ka le mia kpli wò dome? Menye ŋuwòe meho ɖo egbea o, ke boŋ ɖe aƒe, si mía kplii míele aʋa dzi la ŋu, eye Mawu be, mawo kaba. Eyata ɖe asi le Mawu, si li kplim la ŋu, ne magagblẽ wò o!
22
Ke Yosiya metrɔ kɔ le eŋu o, ke boŋ edze avu, be yeawu aʋa kplii, eye meɖo to Nexo ƒe nyawo le Mawu ƒe nya la nu o, eye wòva aʋa wo ge le Megido-bali la me.
23
Eye aŋutrɔdalawo te fia Yosiya. Tete; fia la gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Mikplɔm dzoe, elabena mexɔ abi vevie.
24
Eye eƒe dɔlawo ɖee le tasiaɖam la me hetsɔ de eƒe tasiaɖam evelia me, eye wokplɔe va Yerusalem. Eye wòku, eye woɖii ɖe fofoawo ɖiƒe, eye Yuda blibo la kple Yerusalem fia na Yosiya.
25
Eye Yeremya kpa konyifaha le Yosiya ŋu, eye hadzilaŋutsuwo kple hadzilanyɔnuwo katã dzi Yosiya le woƒe konyifahawo me, eye wòzu kɔnu na Israel vaseɖe egbe; kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe konyifahawo me.
26
Yosiya ŋutinya susɔeawo kple eƒe nu dzɔdzɔe wowɔ ɖe Yehowa ƒe se la nu,
27
eƒe ŋutinya tsãtɔwo kple megbetɔwo la, kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo kple Yuda-fiawo ƒe agbalẽ me.
← Chapter 34
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 36 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36