bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Judges 13
Judges 13
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 14 →
1
Ke esi Israel-viwo gawɔ nusi medze Yehowa ŋu o la. Yehowa tsɔ wo de asi na Filistitɔwo ƒe blane sɔŋ.
2
Ɣemaɣi ŋutsua ɖe tso Zora le Dan-ƒome la me, amesi ŋkɔe nye Manoax, eye srɔ̃ tsi ko, medzi vi o.
3
Tete Yehowa ƒe ɖɔla ɖe eɖokui fia nyɔnu la gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, ètsi ko, eye mèdzi vi o: gake èle fu fɔ ge àdzi ŋutsuvi.
4
Eyata kpɔ nyuie, ne màgano wein alo aha muamea ɖeke o, eye megaɖu nu makɔmakɔa ɖeke o!
5
Elabena kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ akpɔ o, elabena Mawu ƒe klu wòanye tso dada ƒe dɔme, eye eya ade asi Israel ɖeɖe me tso Filistitɔwo si me.
6
Tete nyɔnu la yi ɖagblɔ na srɔ̃a bena: Mawu ƒe amea ɖe va gbɔnye, ele abe mawudɔla ene, eye ŋɔdzi le eŋu ŋutɔ, ke nyemebia afisi wòtso o, eye meyɔ eƒe ŋkɔ hã nam o.
7
Eye wògblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, ele fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eyata megano wein alo aha muamea ɖeke o, eye megaɖu nu makɔmakɔa ɖeke o; elabena ŋutsuvi la anye Mawu ƒe klu tso dada ƒe dome vaseɖe eƒe kugbe.
8
Tete Manoax ɖe kuku na Yehowa gblɔ bena: Oo Aƒetɔ, na Mawu ƒe ame, si nedɔ ɖa la, nagava mia gbɔ zi ɖeka, ne wòafia nusi míawɔ na ɖevi, si woadzi la mí!
9
Eye Mawu se Manoax ƒe gbe, eye mawudɔla la gava nyɔnu la gbɔ, esime wòle agble me, eye srɔ̃a Manoax mele egbɔ o.
10
Tete nyɔnu la ƒu du kaba yi ɖagblɔe na srɔ̃a bena: Kpɔ ɖa, ŋutsu, si va gbɔnye tsã la, gava!
11
Enumake Manoax tsi tre dze nyɔnu la yome heva ŋutsua gbɔ, eye wògblɔ nɛ bena: Wòe nye amesi ƒo nu kple nyɔnu la tsãa? Eɖo ŋu bena: Nyee!
12
Manoax gblɔ bena Ne wò nya la va me la, ekema kɔ ka woanyi na ɖevi la, eye nuka woawo nɛ?
13
Tete Yehowa ƒe dɔla la gblɔ na Manoax bena: Nusi megblɔ na nyɔnua la, eya nye vevitɔ, si wòalé be na.
14
Maɖu nusi tso weinka ŋu o, mano wein alo aha muamea ɖeke o, eye maɖu nu makɔmakɔa ɖeke o; ke boŋ woawo nusiwo katã ŋu meɖe se nɛ le la dzi.
15
Tete Manoax gblɔ na Yehowa ƒe dɔla la bena: Na míasika wò ɖi, ne miaɖa gbɔ̃via de aɖo akɔwò me.
16
Yehowa ƒe dɔla la ɖo ŋu na Manoax bena: Ne èsikam ɖi hã la, nyemele wò abolo ɖu ge o; ke nenye numevɔ nèbe, yeasa la, ekema sae na Yehowa! Ke Manoax medze sii bena, Yehowa ƒe dɔla wònye o.
17
Eye Manoax gblɔ na Yehowa ƒe dɔla la bena: Ŋkɔwò ɖe? Bena ne wò nya la va me la, ne miaɖe bubu ŋuwò.
18
Yehowa ƒe dɔla la gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti nèle nye ŋkɔ, si nye nukunu la, ta biam?
19
Tete Manoax lé gbɔ̃vi hekpe ɖe nuɖuvɔsa ŋu, eye wosa vɔ le agakpea ɖe dzi na Yehowa. Eye wòwɔ nukunu Manoax kple srɔ̃a wokpɔ.
20
Esi dzo ƒe aɖewo de dzi le vɔsamlekpuia dzi la, Yehowa ƒe dɔla to vɔsamlekpui la ƒe dzo ƒe aɖeawo me yi dzi Manoax kple srɔ̃ wokpɔ. Tete wotsyɔ mo anyi.
21
Ke Yehowa ƒe dɔla megaɖe eɖokui fia Manoax kple srɔ̃a kpɔ o Azɔ Manoax dze sii bena, Yehowa ƒe dɔla wònye.
22
Manoax gblɔ na srɔ̃a bena: Miele kuku ge, elabena miekpɔ Mawu!
23
Ke srɔ̃a gblɔ nɛ bena: Ɖe wònye Yehowa ɖe wòdi be, yeawu mí la, anye ne mexɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsa tso mía si o, eye anye ne mena míekpɔ nusiawo katã, eye míese nusiawo fifia o.
24
Eye nyɔnu la dzi ŋutsuvi hena ŋkɔe bena Simson. Ɖevi la va tsi, eye Yehowa yrae.
25
Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ ɖe asi edzi dzedze me le Dan ƒe asaɖa, si le Zora kple Estaol dome la me.
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21