bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Judges 6
Judges 6
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 7 →
1
Esi Israel-viwo wɔ nusi medze Yehowa ŋu o la, Yehowa tsɔ wo ɖe asi na Midiantɔwo ƒe adre sɔŋ.
2
Midiantɔwo ƒe asi kpe Israel dzi, eye Israel-viwo wɔ bebeƒewo ɖe towo dzi kple agadowo me kpakple nɔƒe sesẽwo le Midiantɔwo la.
3
Godoo ne Israel ƒã nu la, Midiantɔwo kple Amalekitɔwo kpakple ɣedzeƒeviwo hona ɖe wo ŋu,
4
eye woƒua asaɖa ɖe wo ŋu hegblẽa agblemenuawo vaseɖe Gaza ke, womekpɔa nuɖuɖua ɖeke, ale, nyi alo tedzi ɖe Israel o;
5
elabena ɖe wohona vana kple woƒe lãwo kpakple agbadɔwo, eye woawo kple woƒe kposɔ naneawo ƒona ɖi bibibi abe ʋetsuviwo ene; ale wovana, be woagblẽ anyigba la.
6
Ale Israel ɖi gbɔ le Midiantɔwo ŋku me, eye Israel-viwo do ɣli yɔ Yehowa.
7
Esi Israel-viwo do ɣli yɔ Yehowa le Midiantɔwo ta la,
8
Yehowa dɔ nyagblɔɖilaa ɖe ɖo ɖe Israel-viwo gbɔ wògblɔ na wo bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Nye ŋutɔe kplɔ mi tso Egipte, tso kluvinyenyeƒe me;
9
meɖe mi tso Egiptetɔwo kple miaƒe futɔwo katã si me, eye menya wo ɖa le mia ŋgɔ hetsɔ woƒe anyigba na mi.
10
Eye megblɔ na mi bena: Nyee nye Yehowa, mia Mawu, migasubɔ Amoritɔ, siwo ƒe anyigba dzi miele la, ƒe mawuwo o; ke miegbe toɖoɖo nye gbe.
11
Eye Yehowa ƒe ɖɔla va bɔbɔ nɔ logoti te le Ofra, si nye Abiesritɔ Yoas tɔ, eye via Gideon le lu ƒom le lugbɔƒe, be wòatsɔ asii le Midiantɔwo nu.
12
Eye Yehowa ƒe ɖɔla ɖo ɖe edzi gblɔ nɛ bena: Yehowa li kpli wò, wò ŋutsu kalẽtɔ!
13
Gideon ɖo ŋu nɛ bena: Tsoo, nye aƒetɔ! Ne Yehowa li kpli mi ɖe, nukaŋuti nusiawo katã dzɔ ɖe mia dzi? Eye afika eƒe nukunu, siwo katã ŋu mía fofowo nɔa dze ɖom le na mí be, Yehowa kplɔ mí tso Egipte la le? Azɔ Yehowa tutu mí ƒu gbe, eye wòtsɔ mí ɖe asi na Midiantɔwo.
14
Tete Yehowa trɔ ɖe eŋu gblɔ bena: Yi le wò ŋusẽ sia nu, eye naɖe Israel tso Midiantɔwo si me, nye ŋutɔe le dɔwòm!
15
Eɖo ŋu nɛ bena: Taflatse, nye aƒetɔ! Nuka tsɔ ge mala ade Israel? Kpɔ ɖa, nye ƒome enye suetɔ le Manase, eye nyee nye dɔmlɔea le tofonye ƒe me!
16
Tete Yehowa gblɔ nɛ bena: Manɔ anyi kpli wò kokoko, eye asi Midiantɔwo abe ŋutsu ɖeka ene.
17
Edo ŋu nɛ bena: Ne eve nunye la, ekema na dzesim be, wòe le nu ƒom kplim!
18
Megadzo le afisia o, vaseɖe esime matsɔ nye vɔsanu aɖo akɔwòme hafi! Eɖo ŋu be: Manɔ anyi, vaseɖe esime natrɔ agbɔ.
19
Tete Gideon yi ɖawu gbɔ̃tsuvi ɖeka, eye wotsɔ wɔ eta ɖeka tɔ tatali maʋamaʋã; efɔ lã la ɖe golo me, eye woku detsitsi la de kutu me hetsɔ va egbɔ le logoti la te, eye wòtsɔe ɖo ekɔme.
20
Ke Mawu ƒe dɔla la gblɔ ne bena: Tsɔ lã kple tatali maʋamaʋã la da ɖe agakpe sia dzi, eye natsɔ detsitsi la akɔ ɖe anyi. Tete wòwɔ nenema
21
Eye Yehowa ƒe dɔla la tsɔ atikplɔ, si le esi la nu tɔ lã kple tatali maʋamaʋã la dzi, enumake dzo do tso agakpe la me hefiã lã kple tatali maʋamaʋã la, eye Yehowa ƒe dɔla la bu vi le eƒe ŋku me.
22
Esi Gideon kpɔ bena, Yehowa ƒe dɔlae la, egblɔ bena: Alele, Aƒetɔ Yehowa! Elabena mekpɔ Yehowa ƒe dɔla ŋku me kple ŋku me.
23
Ke Yehowa gblɔ nɛ bena: Ŋuwo nafa, megavɔ̃ o, mele kuku ge o!
24
Eye Gideon ɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afima, eye wòna ŋkɔe bena: Yehowae nye ŋutifafa. Ele Abiesritɔwo ƒe Ofra vaseɖe egbe.
25
Eye Yehowa gblɔ nɛ le zã ma me bena: Lé fofowò ƒe nyitsu ɖeka kpe ɖe nyitsu bubu, si xɔ ƒe adre la ŋu; gbã Baal ƒe vɔsamlekpui, si nye fofowò tɔ, eye nalã Asera, si le eŋu la ɖa!
26
Emegbe naɖi vɔsamlekpui na Yehowa, wò Mawu la, ɖe agakpe sia tame, tsɔ nyitsu evelia sa numevɔe, eye natsɔ Asera, si nèlã la, awɔ nakee.
27
Tete Gideon ɖe ŋutsu ewo le eƒe dɔlawo dome, eye wòwɔ, abe alesi Yehowa gblɔ nɛ ene; mewɔe le keli o, ke boŋ ewɔe le zã, elabena ele fofoa ƒemetɔwo kple dua me ŋutsuwo vɔ̃m.
28
Esi dua me ŋutsuwo fɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, wogbã Baal ƒe vɔsamlekpui la, lã Asera, si le eŋu la ɖa, eye wotsɔ nyitsu sa vɔ le vɔsamlekpui, si woɖi la dzi.
29
Tete wode asi gbɔgblɔ me na wo nɔewo bena: Ameka wɔ nusia? Eye wodzro me hebia eta se, eye wose bena, Gideon, Yoas vi, wɔ nusia.
30
Enumake dua me ŋutsuwo gblɔ na Yoas bena: Kplɔ viwò la doe, ne wòaku, elabena egbã Baal ƒe vɔsamlekpui, eye wòlã Asera, si le eŋu la ɖa.
31
Tete Yoas gblɔ na amesiwo katã tsi tre ɖe egbɔ bena: Dzree miehe, yewoawɔ ɖe Baal nua? Alo ɖe miebe, yewoaxɔ nya ɖe enua? Ne amea ɖe be, yeawɔ dzre ɖe enu la, aku ŋdi sia! Nenye Mawue wonye la, ekema newɔ dzre ɖe eɖokui nu, le esi wogbã eƒe vɔsamlekpui la ta!
32
Eye wona ŋkɔe tso gbemagbe be Yerub-Baal hegblɔ bena: Baal newɔ dzre kplii, elabena eyae gbã eƒe vɔsamlekpui.
33
Eye Midiantɔwo katã kple Amalekitɔwo kpakple ɣedzeƒeviwo kpe la heho va ƒu asaɖa anyi ɖe Yezreel-bali me.
34
Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ yɔ Gideon me fũ; tete woku kpẽ yɔ Abiesritɔwo bena, wòadze eyome.
35
Edɔ lãme ɖo ɖe Manase blibo la yɔ wo be, wòadze eyome, eye wòdo ame ɖo ɖe Aser, Zebulon kple Naftali, eye wova kpe wo.
36
Tete Gideon gblɔ na Mawu bena: Nenye dzinye to ge nala aɖe Israel, abe alesi nègblɔ ene la,
37
ekema matsɔ alẽgbalẽ da ɖe lugbɔƒe, eye ne zãmu ƒo alẽgbalẽ la ɖeɖeko, eye anyigba blibo la le ƒuƒuie la, ekema madze sii be, dzinye to ge nala aɖe Israel, abe alesi nègblɔ ene.
38
Eye wòva me nenema. Esi wòfɔ ŋdi la, efiã zãmu le alẽgbalẽa me wòyɔ tre bana.
39
Eye Gideon gblɔ na Mawu bena: Taflatse, megado dɔmedzoe ɖe ŋunye be, megale nu ƒo ge fifia o! Na magatsɔ alẽgbalẽ la atee akpɔ zi ɖeka! Alẽgbalẽ la ɖeɖeko nanɔ ƒuƒuie, ke zãmu naƒo anyigba blibo la dzi!
40
Eye Mawu wɔ nenema le zã ma me Alẽgbalẽ la ɖeɖeko dzi le ƒuƒuie, ke zãmu ƒo anyigba la: dzi.
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21