bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Judges 21
Judges 21
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
1
Eye Israel-ŋutsuwo ka atam le Mizpa gblɔ bena: Mía dometɔa ɖeke matsɔ vianyɔnu na Benyamin-viwo woaɖe akpɔ o!
2
Eye esi dukɔ la va Betel la, wotsi Mawu ŋku me le afima vaseɖe fiẽ, eye wofa avi sesĩe
3
gblɔ bena: Oo, Yehowa, Israel ƒe Mawu, nukaŋuti nusia dzɔ le Israel, eye to ɖeka bu le Israel egbe sia?
4
Eye dukɔ la fɔ ŋdi kanya le ŋkeke eveagbe heɖi vɔsamlekpui, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ.
5
Eye Israel-viwo gblɔ bena: Ameka le Israel-toawo katã dome, si meva takpeƒe le Yehowa gbɔ le Mizpa o? Elabena ɖe woka atam ɖe amesi mava Yehowa gbɔ le Mizpa o la ŋu bena, ele be, woawui kokoko!
6
Eye wòve Israel-viwo na wo nɔvi Benyamin, eye wogblɔ bena: To ɖeka tsrɔ̃ ɖa le Israel egbe sia!
7
Aleke míawɔ hafi ana nyɔnu ame kpɔtɔeawo? Elabena míeta Yehowa be, miana mía vinyɔnua ɖeke wo woaɖe o.
8
Eye wòbia bena: Ameka le Israel-toawo dome, si meva Yehowa gbɔ le Mizpa o? Eye kpɔ ɖa, Yabes-Gileadtɔa ɖeke meva takpeƒe la le asaɖa me o.
9
Eye esi woxlẽ dukɔa la, kpɔ ɖa,! Yabes-Gileadtɔa ɖeke meva o.
10
Tete ameha la ɖe ame akpe wuieve le kalẽtɔwo dome ɖo ɖa gblɔ na wo bena: Miyi ɖawu Yabes-Gileadtɔwo kple yi, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa!
11
Ale miawɔ enye si: Mitsrɔ ŋutsu sia ŋutsu kple nyɔnu, siwo katã dɔ ŋutsu gbɔ kpɔ la gbidigbidi!
12
Eye wokpɔ ɖetugbi alafa ene, siwo medɔ ŋutsu gbɔ kpɔ o, le Yabes-Gileadtɔwo dome, eye wokplɔ wo va asaɖa la me le Silo le Kanaan-nyigba dzi.
13
Eye ameha blibo la dɔ ame ɖo ɖe Benyamin-viwo gbɔ le Rimon-kpe la gbɔ, eye wodo ŋutifafa ŋugbe na wo.
14
Tete Benyamin-viwo trɔ gbɔ ɣemaɣi, eye wotsɔ nyɔnu, siwo woxɔ ɖe agbe tso Yabes-Gilead-nyɔnuwo dome la na wo; ke womede wo nu o.
15
Eye Benyamin ƒe nu ve dukɔ la, elabena Yehowa na Israel-toawo tsi ŋuzã.
16
Tete ameha la ƒe amegãwo gblɔ bena: Aleke míawɔ hafi ana nyɔnu ame kpɔtɔeawo? Elabena nyɔnuwo tsrɔ̃ le Benyamin.
17
Eye wogblɔ bena: Benyamin ƒe anyigba enye woƒe amesiwo kpɔtɔ la tɔ, eye toa ɖeke nu matsi le Israel o!
18
Ke miawo la míate ŋu atsɔ mia vinyɔnuwo na wo woade o; elabena Israel-viwo ka atam bena: Aɖi amesi ana nyɔnu Benyamin la ŋu!
19
Eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, woɖua Yehowa ƒe ŋkekenyuie la ƒe sia ƒe le Silo, si le Betel ƒe anyiehe kple mɔ, si tso Betel ɖo ta Sixem la, ƒe ɣedzeƒe kpakple Lebona ƒe dziehe.
20
Eye wode se na Benyamin-viwo bena: Miyi ɖade xa de weingblewo me,
21
eye ne miekpɔ be, Silo-nyɔnuviwo do va ɣe du ge la, ekema mido tso weingbledelawo me, eye mia dome amesiame nelé nyɔnu le Silo-nyɔnuviwo dome na eɖokui, eye mido yi Benyamin-nyigba dzi!
22
Ke ne wo fofowo kple wo nɔviŋutsuwo va dzre wɔ ge kpli mí la, ekema miagblɔ na wo bena: Miele asi le wo ŋu na mi, elabena miekpɔ nyɔnu le aʋa me na amesiame o; ɖe wònye mia ŋutɔwoe tsɔ wo na wo la, eya ko wòanye ɖe míeɖi fɔ.
23
Tete Benyamin-viwo wɔ nenema, eye wokpɔ nyɔnu wòde wo nu tso ɣeɖula, siwo woha la dome. Emegbe wotrɔ yi woƒe anyigba dzi, eye wogbugbɔ duawo tso hena wo me.
24
Eye Israel-viwo dome amesiame dzo ɣemaɣi tso afima yi eƒe to me kple eƒe ƒomeawo gbɔ, eye amesiame dzo tso afima yi eƒe anyigba dzi.
25
Ɣemaɣi la fiaa ɖeke menɔ Israel o, eye amesiame wɔ nusi dze eŋu.
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21