bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Judges 15
Judges 15
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 16 →
1
Esi eteƒe didi ʋee la, Simson tsɔ gbɔ̃via ɖe le luxaɣi yi srɔ̃a kpo ge ɖae, eye wògblɔ bena Na mayi srɔ̃nye gbɔ le xɔgã me! Ke nyɔnua fofoa mena wòyi o,
2
eye wògblɔ bena: Mebu be, ɖe nèlé fui keŋ, eyata metsɔe na hawòti. De eƒe tsɛ medze tugbe wui oa? Xɔ eya ɖe eteƒe!
3
Ke Simson gblɔ na wo bena: Ne mehe dzɔgbevɔ̃e va Filistitɔwo dzi fifia la, nyemeɖi fɔ o.
4
Tete Simson yi ɖalé abei alafa etɔ̃, eye wòbia akakatiwo; etrɔ asike eve kpe, eye wòbia akakati ɖeka ɖe asike eveawo domee.
5
Emegbe wòdra akakatiawo heɖe asi le wo ŋu ɖo ɖe Filistitowo ƒe agblewo me; eye ale wòto dzo lu, siwo woxa, kple esiwo le tsitre nu kpakple amitibɔwo.
6
Filistitɔwo gblɔ bena: Ameka wo nusia? Eye wogblɔ bena: Simson, Timnattɔ ƒe toe wòe, elabena woxɔ srɔ̃a tso na eƒe hati. Tete Filistitowo va tɔ dzo nyɔnu la kple fofoa.
7
Eye Simson gblɔ na wo bena: Ne miewɔ alea hã la, mabia hiã mi kokoko hafi adzudzɔ!
8
Eye wòdza sobo kple ali na wo nyamanyama. Tete wòdzo yi ɖanɔ agato me le Elam.
9
Eye Filistitɔwo ho va ƒu asaɖa anyi ɖe Yuda, eye wokaka ɖe Lexi.
10
Tete Yuda-ŋutsuwo gblɔ bena: Nukaŋuti mieho ɖe mía ŋu? Woɖo ŋu bena: Simson lé ge mieva, ne míawɔe, abe alesi wòwɔ mí ene.
11
Eye Yuda-ŋutsu akpe etɔ̃ yi agato la me le Elam gblɔ na Simson bena: Menyae be, Filistitɔwoe le mia dzi ɖum oa? Eɖo ŋu na wo bena: Alesi wowɔm la, nenema mewo wo.
12
Tete wogblɔ nɛ bena: Lé wò ge mieva, ne miatsɔ wò ade asi na Filistitɔwo! Simson ɖo ŋu na wo bena: Mika atam nam be, menye mia ŋutɔwoe le dza ye ge o!
13
Woɖo ŋu ne bena: Kpao, ɖeko miebe, miabla wò aɖade asi na wo, ke miele wu wò ge ya o. Eye woblae kple atagbi yeye eve hekplɔe tso agato la me.
14
Eye esi wova ɖo Lexi la, Filistitɔwo tso aseye ɖe eŋu; tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye ka, siwo le alɔ ŋu nɛ la, zu abe anazi, si dzo ƒo ene, eye bablawo bebe le asi ŋu nɛ.
15
Eye wòkpɔ tedziglã mumua ɖe hedo asi ɖa tsɔe wu ame akpe ɖeka.
16
Eye Simson gblɔ be: Tedziglã metso li kɔ kɔe, tedziglã metso wu ame akpe!
17
Esi wòƒo nu vo la, eɖe asi le tedziglã la ŋu ƒu gbe; eyata wona ŋkɔ teƒe ma be glãtogbɛ.
18
Tete tsikɔ wui ŋuta, eye wòdo ɣli yɔ Yehowa gblɔ bena: Ete wò dɔla ƒe asi dzi ɖu dzi gã sia, eye azɔ tsikɔ nawum maku, eye mage ɖe bolotɔ siawo si mea?
19
Tete Mawu fe kpea ɖe le Lexi, eye tsi do le eme wono, ale be agbe gaɖo eme, eye eƒe lãme kɔ. Eyata wona ŋkɔ vudo la be ameyɔlavudo; ele Lexi vaseɖe egbe.
20
Eye wòdrɔ̃ ʋɔnu na Israel le Filistitowo ŋɔli ƒe blave sɔŋ.
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21