bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Judges 19
Judges 19
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 20 →
1
Le ɣemaɣi la fiaa ɖeke menɔ Israel o. Eye Lewi-ŋutsua ɖe yi ɖanye amedzro le Efrayim-to la ƒe mlɔenu, eye wòdze ahiã tso Betlexem-Yuda.
2
Eye eƒe ahiã la wo ahasi le emegbe, eye wodzo yi fofoa ƒe me le Betlexem-Yuda hetsi afima dzinu ene.
3
Tete ŋutsu la kplu ɖekakpui ɖeka kple tedzi eve ɖe asi, eye wòtso dze eyome, be yeaƒo nu kplii fafɛ, ne yeakplɔe agbɔe. Eye nyɔnu la kplɔe yi fofoa ƒe me, eye esi ɖetugbi la fofo kpɔe la, exɔe kple dzidzɔ.
4
Ɖetugbi la fofo, si nye toa, lée ɖi, eye wòtsi egbɔ ŋkeke etɔ̃; woɖu nu no nu, eye wotsi afima do.
5
Esi wofɔ le ŋkeke eneagbe, be yewoadze mɔ la, ɖetugbi la fofo gblɔ na toa bena: Di nuɖuɖu via ɖe ɖe dɔ me, hafi miadze mo!
6
Tete wobɔbɔ nɔ anyi, eye woa kple eve la woɖu nu no nu, eye ɖetugbi la fofo gblɔ na ŋutsu la bena: Tsi anyi dɔ, eye wò dzi nagbɔ ɖe me!
7
Esi ŋutsu la tso, be yeadze mo la, toa ƒoe ɖe enu, eye wòtsi anyi dɔ.
8
Esi wòfɔ le ŋkeke atɔ̃lia ƒe ŋdi, be yeadze mo la, ɖetugbi la fofo gblɔ nɛ bena: De nane do me, eye milala, vaseɖe esime ɣe natrɔ hafi! Tete woa kple eve la woɖu nu.
9
Ke esi ŋutsu la kple eƒe ahiã kpakple ɖekakpui la wotso, be yewoadze mo la, ɖetugbi la fofo, si nye toa, gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, ɣe la yina lɔ̃, eye anyinu le fafam, eyata mitsi do! Ye la trɔ xoxo, eyata tsi dɔ, eye wò dzi nagbɔ ɖe me! Etsɔ ŋdi la miafa kaba alé miaƒe mo ayi wò agbadɔ nu!
10
Gake ŋutsu la melɔ̃ be, yeatsi adɔ o, eye wòdze mɔ heva Yebus, si nye Yerusalem la kasa, eye tedzi eve, siwo wòbia akpa na, kple eƒe ahiã la kpe ɖe eŋu.
11
Esi woɖo Yebus gbo la, ɣe la yi lɔ̃ xoxo; tete ɖekakpui la gblɔ na eƒe aƒetɔ bena: Na miayi aɖadze Yebusitɔwo ƒe du sia me, eye míatsi eme aɖa!
12
Ke eƒe aƒetɔ gblɔ nɛ bena: Miayi aɖadze ame tutɔwo ƒe ɖu, si me Israel-via ɖeke mele o la me o; ke boŋ míayi ŋgɔ vaseɖe Gibea.
13
Eye wògblɔ na eƒe ɖekakpui la bena: Nètso, mina miayi duawo dometɔ ɖeka me, eye míatsi Gibea alo Rama ado!
14
Esi woyi azɔlia dzi la, ɣe va ɖo to ɖe wo le Gibea, si nye Benyamin to la gbo.
15
Tete woge ɖe Gibea, be woatsi afima adɔ, eye wodro ɖe du la ƒe ablɔ me, elabena amea ɖeke mena dzeƒe wo ɖe eƒe me o.
16
Eye kpɔ ɖa, ame tsi tsia ɖe gbɔ so agbledɔwɔƒe le fiẽ; ŋutsu la tso Efrayim-to dzi va nye amedzro le Gibea, ke afimatɔwo nye Benyamin-viwo.
17
Tete wòfɔ ko dzi kpo amedzro la le dua ƒe ablɔ me, eye ame tsitsi la gblɔ bena: Afika nèyina, eye afika nètso?
18
Eɖo ŋu nɛ bena: Míetso Betlexem-Yuda heyina ɖe Efrayim-to la ƒe mlɔenu; afima metso va yi Betlexem-Yuda, eye meyina Yehowa ƒe me, ke amea ɖeke mexɔm ɖe eƒe me o.
19
Evɔ wònye aƒla kple nuɖuɖu hena míaƒe tedziwo, eye abolo kple wein hã hena mia kple wò dɔlanyɔnu kpakple ɖekakpui la le wò dɔla si, eye naneke mele ehiãm o hafi.
20
Tete ame tsitsi la gblɔ nɛ bena: Ŋutifafa na wò! Ne nane le hiãwòm la, ekpo ɖe asinye; ɖeko mele ablɔ me ya tsi ge adɔ o!
21
Eye wòkplɔe yi eƒe me hena nuɖuɖu eƒe tedziwo, eye woklɔ afɔ, eye woɖu nu wono nu.
22
Ke esi woƒe dzi gbo ɖe me la, tete duametɔwo, siwo nye ame vlowo la, va ɖe to ɖe aƒe la hele agbo la ƒom, eye wogblɔ na ame tsitsi, si nye aƒeatɔ, bena: Kplɔ ŋutsu, si va dze aƒewò me la ɖoe, ne míanyãe!
23
Tete ŋutsu, si nye aƒeatɔ la, ɖo yi wo gbɔ gblɔ na wo bena: Oo, nɔvinyewo, migawɔ nu vlo sia o! Esi wònye aƒenye me ŋutsu sia va dze la, eyata migawɔ nu baɖa sia o!
24
Kpɔ ɖa, makplɔ vinyenyɔnu kple ŋutsu la ƒe ahiã ɖoe, ne miade asi wo ŋu, eye miawɔ nusianu, si dze mia ŋu la, ɖe wo ŋu; ke migawɔ nu baɖa ɖe ŋutsu sia ŋu o!
25
Ke ŋutsuawo gbe toɖoɖoe. Tete ŋutsu la kplɔ eƒe ahiã yi wo gbɔ le xexe, eye wode asi eŋu hewɔ funyafunyae zã blibo la, vaseɖe esime ŋu ke; eye esi agu dze la, woɖe asi le eŋu.
26
Esi ŋua mekpɔ ke ɖe le eme keŋ o la, nyɔnu la va dze anyi ɖe ŋutsua ƒe xɔ, si me eƒe aƒetɔ le la, ƒe ʋɔtru nu, vaseɖe esime ŋua ke ɖe le eme.
27
Eye esi eƒe aƒetɔ fɔ ŋdi, eye woʋu nɔa do, be yeayi eƒe azɔli dzi la, tete nyɔnu, si nye eƒe ahiã la, tsra ɖe xɔa ƒe ʋɔtru nu, eye eƒe asiwo le kpuia dzi.
28
Eye wògblɔ ne bena: Tsi tre, ne miadzo! Ke meɖo ŋu nɛ o. Tete wòkɔe ɖo tedzi la dzi, eye ŋutsua dze mɔ yi enɔƒe.
29
Esi wògbɔ va aƒe la, etsɔ hɛ, eye wòlé eƒe ahiã la heflii kɔ wuieve ɖe eƒe ƒunuɖeƒeewo, eye wòɖo wo ɖe Israel-nyigba blibo la katã dzi.
30
Eye amesiame, si kpɔe la, gblɔ bena: Esia tɔgbe medzɔ kpɔ o, eye womekpɔ eteƒe kpɔ, tso esime Israel-viwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi vaseɖe egbe o. Mibu eŋu, miɖo aɖaŋu, eye miƒo nu le eŋu!
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 20 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21