bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Judges 20
Judges 20
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 21 →
1
Tete Israel-viwo katã ho, eye ameha la kpe ta abe ame ɖeka ene tso Dan vaseɖe Beerseba kple Gilead-nyigba dzi ɖe Yehowa gbɔ le Mizpa.
2
Eye dukɔ blibo la ƒe tatɔwo kple Israel-toawo katã va Mawu ƒe dukɔ ƒe takpekpe la me; amesiwo zɔ afɔ, eye wòta yi la, le ame akpe alafa ene.
3
Eye Benyamin-viwo se bena, Israel-viwo ho va Mizpa. Eye Israel-viwo bia bena: Mito, alesi nu vlo sia va mee!
4
Tete Lewitɔ, si nye nyɔnu kuku la srɔ̃, xɔ edzi gblɔ bena. Mía kple nye ahiã mieva Gibea, si nye Benyamin tɔ la, be míatsi adɔ.
5
Ke Gibeatɔwo ƒo kpli ɖe ŋunye, eye woɖe to ɖem le aƒe la me le zã, wobe, yewoawum, eye wode asi nye ahiã ŋu woku.
6
Tete melé nye ahiã la, eye meflu heɖo ɖe Israel-nyigba ƒe nutowo katã me, elabena wowɔ ŋukpenanu kple nu vlo le Israel.
7
Kpɔ ɖa, mi Israel-viwo katã nye esi! Miƒo nu, eye miɖo aɖaŋu fifia!
8
Tete dukɔ blibo la xɔ edzi nu ɖekɛ gblɔ bena: Mía dome amea ɖeke mayi eƒe agbadɔ me o, eye amea ɖeke mayi eƒe xɔ nu o;
9
ke boŋ ale míawɔ Gibea enye si: Míadzidze nu ɖe wo dzi!
10
Eye miaɖe ŋutsu ewo te ame alafa me, ŋutsu alafa le ame akpe me, eye ŋutsu akpe le ame akpe ewo me tso Israel-toawo katã me, ne wòayi aɖatsɔ mɔ dzi nuɖuɖu vɛ na dukɔ la, eye ne wogbɔ la, míawɔ Gibea-Benyamin ɖe nu vlo, si wòwɔ le Israel la nu pɛpɛpɛ.
11
Tete Israel-ŋutsuwo katã ƒo ƒu, eye wòbia ɖekae ɖe du la ŋu.
12
Eye Israel-toawo ɖɔ ame ɖo ɖe Benyamin-ƒomeawo katã gbɔ bia wo bena: Nu vlo ka enye si wowɔ le mia dome?
13
Eyata miɖe Gibeatɔ vloawo na, ne miawui wo, eye miaɖe vɔ la ɖa tso Israel! Ke Benyamin-viwo meɖo to wo nɔvi Israel-viwo ƒe gbe o.
14
Tete Benyamin-viwo tso duwo me va ƒo ƒu ɖe Gibea, ne woakpe ana kple Israel-viwo.
15
Eye woxlẽ Benyamin-vi, siwo tso duwo me la, gbemagbe: ŋutsu, siwo ta yi, le ame akpe blave vɔ aɖe; ke Gibeatɔ, siwo le ŋutsu aʋawɔla alafa adre la, mele eme o.
16
Ame siawo katã dome aʋawɔla alafa adre nye miawɔlawo, eye wo dome amesiame tea ŋu da akafo ƒoa taɖaku ɖeka hã, eye meda dadagbo o.
17
Eye woxlẽ Israel-ŋutsuwo: amesiwo katã ta yi, eye wonye aʋamewo la, le ame akpe alafa ene, ke Benyamin-viwo mele eme o.
18
Tete woho va Betel, eye Israel-viwo bia Mawu bena: Mía dometɔ ka atre aʋahoho ɖe Benyamin-viwo ŋu? Yehowa gblɔ bena: Yuda netre hoho!
19
Israel-viwo fɔ ŋdi va ƒu asaɖa anyi ɖe Gibea gbɔ.
20
Eye Israel-ŋutsuwo ho aʋa ɖe Benyamin ŋu, eye wodze aʋa ɖe wo ŋu le Gibea gbɔ.
21
Tete Benyamin-viwo ɖo tso Gibea, eye wotsrɔ̃ ame akpe blave vɔ eve le Israel ŋu gbemagbe ƒo ɖe anyi.
22
Eye Israel-viwo yi ɖafa avi le Yehowa ŋku me vaseɖe fiẽ, eye wòbia Yehowa bena: Ɖe míagaho aʋa ɖe mia nɔvi Benyamin-viwo ŋua? Yehowa gblɔ bena: Mihoe ɖe wo ŋu!
23
Tete Israel-ŋutsuwo de dzi ƒo na wo ɖokui, eye wova dze aʋa ɖe afisi wodze aʋa ɖo le ŋkeke gbãtɔ dzi la.
24
Ke esi Israel-viwo te tu Benyamin-viwo le ŋkeke evelia dzi la,
25
Benyamin-viwo do tso Gibea va kpewo le ŋkeke evelia dzi, eye wotsrɔ̃ ame akpe wuienyi, siwo ta yi la, le Israel-viwo ŋu ƒo ɖe anyi.
26
Tete Israel-viwo katã kple aʋakɔ blibo la yi Betel ɖafa avi, eye wotsi Yehowa ŋku me le afima, wotsi nu dɔ gbemagbe vaseɖe fiẽ, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ lé Yehowa ŋku me.
27
Eye Israel-viwo bia Yehowa gblɔ bena: — ɣemaɣi la Mawu ƒe nubablaɖaka la le afima,
28
eye Aron vi Eleazar ƒe vi Pinexas subɔ le eŋku me ɣemaɣi. — Ɖe míagaho aʋa ɖe mia nɔvi Benyamin-viwo ŋu loo, alo míatasia? Tete Yehowa gblɔ bena: Miyi, elabena matsɔ wo aɖe asi na mi etsɔ!
29
Eye Israel-viwo ɖe xadelawo ɖo Gibea ŋu va kpe.
30
Eye Israel-viwo ho ɖe Benyamin-viwo ŋu le ŋkeke etɔ̃agbe hedze aʋa ɖe Gibea ŋu abe tsã ene.
31
Tete Benyamin-viwo ɖo va kpe aʋakɔ la; ke woble wo tso ɖu la gbɔ, eye wode asi amewo wuwu me le dukɔ la dome abe tsã ene le mɔ, si ɖo ta Betel, kple esi to gbedzi ɖo ta Gibea la nu, woanɔ Israeltɔ blaetɔ̃.
32
Eye Benyamin-viwo bu bena: Miele wo si ge abe tsã ene! Ke Israel-viwo gblɔ be: Mina miasi le wo nu, eye míable wo tso ɖu la gbɔ ayi mɔ dzi!
33
Tete Israel-ŋutsuwo katã tso le wo nɔƒe va dze aʋa ɖe Baal-Tamar, eye Israel-xadelawo do tso wo nɔƒe le Geba ƒe ɣetoɖoƒe.
34
Ŋutsu aʋawɔla akpe ewo tso Israel blibo la me va Gibea kasa, eye aʋa la nu sẽ ŋutɔ; ke woawo menyae bena, dzɔgbevɔ̃e le dzɔdzɔ ge ɖe yewo dzi o.
35
Tete Yehowa si Benyamin le Israel ŋgɔ, eye Israel-viwo tsrɔ̃ ame akpe blave vɔ atɔ̃ kple alafa ɖeka, amesiwo katã ta yi la, le Benyamin-viwo ŋu gbemagbe.
36
Eye Benyamin-viwo kpo bena, wosi yewo. Ke Israel-ŋutsuwo de megbe le Benyamin nu, elabena wole ŋu ɖom ɖe xadela, siwo wotsɔ ɖo Gibea kasa la ŋu.
37
Tete xadelawo wo kaba ho ɖo ta Gibea, eye woge ɖe me hetsrɔ̃ du blibo la kple yi.
38
Eye Israel-ŋutsuwo kple xadelawo ɖo gbe ɖi bena: Mina dzudzɔ nade dzi le du la ŋu kɔlii!
39
Esi Israel-ŋutsuwo de megbe le aʋaa nu da, Benyamin de asi amewo wuwu me le Israeltɔwo dome, woanɔ ame blaetɔ̃: elabena wobu be: Miele wo si ge abe le kpekpe gbatɔ̃ me ke ene.
40
Tete dzudzɔ de dzi le du la ŋu kɔlii, eye esi Benyamin trɔ la, kpɔ ɖa, dzudzɔ le lutum tso ɖu blibo la me ɖo ta dzi.
41
Esi Israel-ŋutsuwo trɔ gbɔna la, dzidzi ƒo Benyamin-viwo, elabena wokpɔ bena, dzɔgbevɔ̃e tu yewo.
42
Eye wòsi le Israel-ŋutsuwo nu heto gbedzimɔ; ke aʋa la yɔ wo ɖe nu, eye amewo ɖo tso duwo me, eye wotsɔ wo ɖe to me hetsrɔ̃ wo.
43
Woɖe to ɖe Benyamin, eye wonyae ɖe nu, eye wotsrɔ̃ wo tso droƒe vaseɖe Gibea kasa le ɣedzeƒe gome.
44
Ŋutsu kalẽtɔ, siwo katã tsi aʋa le Benyamin ŋu la, le ame akpe wuienyi.
45
Tete wòtrɔ hesi ɖo ta gbedzi vaseɖe Rimon-kpe la gbɔ; wowu ame akpe atɔ̃ le woƒe megbexeawo ŋu le mɔ dzi, eye woti wo yome vaseɖe Gideom, eye wogawu ame akpe eve le wo ŋu.
46
Ŋutsu kalẽtɔ, siwo katã ta yi, eye wotsi aʋa le Benyamin ŋu gbemagbe la, le ame akpe blave vɔ atɔ̃.
47
Eye ŋutsu alafa ade trɔ hesi ɖo ta gbedzi vaseɖe Rimon-kpe la gbɔ, eye wotsi Rimon-kpe la gbɔ dzinu ene.
48
Eye Israel-ŋutsuwo trɔ ɖe Benyamin-viwo ŋu, eye wowu nusianu, si wokpɔ le dua me la, kple yi, amewo kple lãwo siaa, eye wòta dzo du, siwo katã wokpɔ la.
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21