bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Judges 16
Judges 16
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 17 →
1
Tete Simeon yi Gaza, eye wòkpɔ gboloa ɖe le afima heyi egbɔ.
2
Esi wofi tofi na Gazatɔwo bena, Simson va afisia la, woɖe to ɖee, eye wode xa ɖe du la ƒe agbo nu nɛ le zã blibo la katã me; wozi ɖoɖoe le zã blibo la katã me be, ne ŋu ke la, yewoawui.
3
Ke Simson mlɔ anyi vaseɖe zã titina; le zãtiƒe la efɔ, eye woho ɖu la ƒe agbo kple agboti eveawo hekpe ɖe gameti la ŋu, eye wòlee ɖe abɔ tsɔ va da ɖe to, si le Xebron kasa la tame.
4
Esia megbe la elɔ̃ nyɔnua ɖe le Sorek-tɔʋu la nu, si ŋkɔ nye Delila.
5
Eye Filistitɔwo ƒe amegãwo va egbɔ gblɔ nɛ bena: Ble enu, ne nadze si nusi me eƒe ŋusẽ gã la le, kple nusi míatsɔ aɖu edzi, kpakple nusi míatsɔ ablae, be míabɔbɔe ɖe anyi; ekema mía dome amesiame ana klosalo akpe kple alafa ɖeka wò!
6
Tete Delila gblɔ na Simson bena: Taflatse, ɖe nusi me wò ŋusẽ gã la le la fiãm kple nusi woatsɔ abla wò abɔbɔ wò ɖe anyi!
7
Simson ɖo ŋu nɛ bena: Ne wotsɔ atagbi mumu adre, siwo meƒu haɖe o la, biam la, ekema magbɔdzɔ, eye mazu abe ame bubuwo ke ene.
8
Tete Filistitowo ƒe amegãwo tsɔ atagbi yeye adre, siwo meƒu haɖe o la vɛ, eye nyɔnu la tsɔ wo biae.
9
Ke wode xa ɖe nyɔnua gbɔ le xɔgã me, eye wògblɔ nɛ bena: Simson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò loo! Tete wòtso kawo, abe alesi dzo gbɔna ɖe anazika wòlãna ene, eye womekpɔ eƒe ŋusẽ la nu o.
10
Eye Delila gblɔ na Simson bena: Kpɔ ɖa, èblem, eye nèka aʋatso nam! Gblɔ nusi woatsɔ abla wòe la nam dzro!
11
Eɖo ŋu ne bena: Ne wotsɔ ka yeye, si mede naneke ŋu haɖe o la, biam la, ekema magbɔdzɔ, eye mazu abe ame bubuwo ke ene.
12
Tete Delila tsɔ ka yeyewo biae, eye wògblɔ nɛ bena: Simson, Filistitowo ƒo ɖe dziwò loo! Ke amewo de xa ɖe xogã me. Tete wòtso kawo le aba abe ɖeti ŋuɖekɛ ene.
13
Delila gblɔ na Simson bena: Ɖeko neblem vaseɖe fifi, ye nèka aʋatso nam; gblɔ nusi woatsɔ abla wòe la nam! Eɖo ŋu nɛ bena: Ne elɔ̃ ɖakɔ adre, siwo le nye ta la, ɖe avɔ tsitsi me.
14
Tete wòtsɔ agbatrɔti trɔe, eye wògblɔ bena: Simson, Filistitowo ƒo ɖe dziwò loo! Enumake wonyɔ tso alɔ̃ me, eye wòho agbatrɔti la kpe ɖe avɔ tsitsi la ŋu.
15
Eye wògblɔ ne bena: Aleke nègblɔ be, yele lɔ̃yem, gake wò dzi meku ɖe ŋunye o? Zi etɔ̃ enye si nèblem, eye mègblɔ nusi me wò ŋusẽ gã la le la nam o.
16
Esi wòle dzi gbãm ne gbawotsyogbe kple eƒe nyawo, eye wòle fu ɖem nɛ la, eva gloe, eye ku ɖo mo nɛ.
17
Tete wògblɔ eƒe dzime-nyawo katã nɛ bena: Talũhɛa ɖeke ɖeke medea nye ta ŋu o, elabena Mawu ƒe klue menye tso danye ƒe da me ke. Ne wolũ ta nam la, ekema nye ŋusẽ ado le ŋunye, eye magbɔdzɔ azu abe ame bubuwo katã ene.
18
Esi Delila kpɔ bena, egblɔ eƒe dzimenyawo katã nɛ la, edo ame ɖo ɖa, be woayɔ Filistitɔwo ƒe amegãwo vɛ gblɔ bena: Miva azɔ, elabena egblɔ eƒe dzimenyawo katã nam! Tete Filistitɔwo ƒe amegãwo va, eye wohe klosalo la ɖe asi.
19
Eye wòna wòdɔ alɔ̃ ɖe eƒe ata dzi; tete wòyɔ ŋutsua ɖe vɛ wòlũ ɖakɔ adreawo le eta. Ale wòna wòde asi gbɔdzɔgbɔdzɔ me, eye eƒe ŋusẽ do le eŋu.
20
Eye nyɔnu la gblɔ bena: Simson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò loo! Tete wonyɔ tso alɔ̃ me hebu bena: Mado abe tsã ene, eye maʋuʋu ɖokuinye! Ke menyae be, Yehowa dzo le egbɔ o.
21
Eye Filistitowo lee heŋɔ eƒe ŋkuwo, eye wokplɔe yi Gaza: wode akɔbli kɔsɔkɔsɔe, eye ele ne be, wòanɔ wɔ tum le gaxɔ me.
22
Esi wolũ ta nɛ megbe la, eƒe ɖa gade asi toto me.
23
Eye Filistitowo ƒe amegãwo va kpe ta, be woasa vɔ na woƒe mawu Dagon, eye wotu aglo gãa ɖe hegblɔ bena: Mia mawu tsɔ míaƒe futɔ Simson de asi na mí!
24
Eye esi dukɔ la kpɔe la, wokafu woƒe mawu, elabena wogblɔ be: Mía mawu tso miaƒe futɔ, si gblẽ miaƒe anyigba, eye wowu míaƒe ame geɖewo la, de asi na mi.
25
Esi wole dzidzɔ kpɔm la, wogblɔ be: Miɖayɔ Simson vɛ, ne wòado nukokoe na mi! Tete woyi ɖakplɔ Simson tso gaxɔ me vɛ wòle nukokoe dom na wo, eye wokplɔe ɖo sɔti eve domee.
26
Eye Simson gblɔ na ŋutsuvi, si le ekplɔm la bena: Ɖe asi le ŋunye, ne malé sɔti, siwo dzi xɔa nɔ, eye maziɔ ɖe wo ŋu!
27
Ŋutsuwo kple nyɔnuwo yɔ xɔ la taŋtaŋ, eye Filistitowo ƒe amegãwo katã le afima, eye ŋutsuwo kple nyɔnuwo anɔ ame akpe etɔ̃ le dziƒo, amesiwo le Simson ƒe nukokoedoname la kpam.
28
Tete Simson yɔ Yehowa gblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, ɖo ŋku dzinye, eye do ŋusẽm fifia ko, oo Mawu, ne mabia hlɔ̃ Filistitɔwo ɖe nye ŋku eveawo nu!
29
Eye Simson va titinasɔti eveawo, siwo dzi xɔa nɔ, ɖeka ɖe ɖusi, eye evelia ɖe mia, eye wòtutu wo.
30
Eye Simson gblɔ be: Maku kple Filistitɔwo! Eye wòbi eɖokui kple ŋusẽ, tete xɔ la mũ dze amegãwo kple dukɔ blibo la dzi. Ale amesiwo wowu le eƒe kuɣi la, sɔ gbɔ wu amesiwo wòwu le eƒe agbe me.
31
Tete nɔviawo kple fofoa ƒemetɔwo katã va tsɔe yi ɖaɖi ɖe fofoa Manoax ƒe yɔdo me le Zora kple Estaol dome? Edrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe blave sɔŋ.
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 17 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21