bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Judges 17
Judges 17
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 18 →
1
Eye ŋutsua ɖe no Efrayim-to dzi, si ŋkɔ nye Mixa.
2
Eya gblɔ na dadaa bena: Wò klosalo akpe ɖeka kple alafa, si wofi, eye nedo ɖiŋu ɖe eŋu, nye hã mese la, le asinye; nyee tso klosalo la. Tete dadaa gblɔ bena: Yehowa ayra wò, vinye!
3
Esi wògbugbɔ klosalo akpe ɖeka kple alafa la na dadaa la, dadaa gblɔ bena: Mekɔ klosalo, si le asinye la ŋu na Yehowa hena vinye, be wòatsɔe awɔ aklama kpakpɛ kple legbae; eyata megagbugbɔe na wò.
4
Eye wòtsɔ klosalo la na dadaa Ke dadaa ɖe klosalo alafa eve na sikanutula, amesi tsɔe wɔ aklama kpakpɛ kple legbae, eye wotsɔe va Mixa ƒe me.
5
Eye Mixa tu mawuxɔ, etɔ kɔmewu, eye woli aƒeli heɖo viaŋutsu ɖeka, be wòanye nunɔla nɛ.
6
Ɣemaɣi la fíaa ɖeke mena Israel o, eye amesiaame wɔ nusi dze eŋu.
7
Eye ɖekakpuia ɖe tso Betlexem-Yuda le Yuda ƒe ƒome la me; enye Lewitɔ, eye wònye amedzro le afima.
8
Eye woʋu tso Betlexem-Yuda-du la me, be wòaɖanɔ afisi wòkpɔ; eye wòva Efrayim-to la dzi heyi ɖe Mixa ƒe me, be wòagayi eƒe azɔli dzi emegbe.
9
Tete Mixa gblɔ nɛ bena: Afika nètso? Eɖo ŋu nɛ bena: Lewito menye tso Betlexem-Yuda, eye meyina, be manɔ afisi makpɔ.
10
Mixa gblɔ nɛ bena: Tsi gbɔnye, eye nanye fofo kple nunɔla nam, ekema mana klosalo ewo wò ƒe sia ƒe hekpe ɖe avɔtata kple nuɖuɖu ŋu. Ale wozi Lewito la dzi.
11
Lewito la lɔ̃ be, yeatsi ŋutsu la gbɔ, eye ɖekakpui la le nɛ abe viawo dometɔ ɖeka ene.
12
Eye Mixa ɖo Lewitɔ la. Ale ɖekakpui la trɔ zu nunɔla nɛ, eye wòtsi Mixa ƒe me.
13
Tete Mixa gblɔ bena: Azɔ menyae bena, Yehowa le nyui wɔ ge nam, elabena Lewitɔe nye nunɔla nam.
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21