bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Judges 18
Judges 18
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 19 →
1
Ɣemaɣi la fiaa ɖeke menɔ Israel o. Eye Dan-viwo ƒe to la ɖi anyigba, be woanɔ edzi ɣemaɣi, elabena anyigbaa ɖeke mesu wo si le Israel ƒe toawo dome vaseɖe ɣemaɣi o.
2
Eye Dan-viwo dɔ ŋutsu kalẽtɔ atɔ̃ le woƒe ƒome blibo la me tso Zora kple Estaol ɖo ɖa, be woaɖatsa ŋku le anyigba la dzi, eye woadzra eme hegblɔ na wo bena: Miyi ɖadzro anyigba la me! Esi wova Efrayim-to dzi la, woyi ɖe Mixa ƒe me hetsi afima dɔ.
3
Esi woɖo Mixa ƒe aƒe gbɔ la, wodze si Lewi-ɖekakpui la ƒe gbe; tete woge ɖe me hebiae bena: Ameka kplɔ wò va afisia? Nuka wɔm nèle le afisia? Eye dɔ ka le ŋuwò le afisia?
4
Eɖo ŋu na wo bena: Ale kple ale Mixa wɔ nam, eye wòdɔm be, manye nunɔla ne.
5
Eye wogblɔ nɛ bena: Bia Mawu na mí kpɔ be, azɔli, si dzi miele la, adze edzi na mí hã?
6
Nunɔla la ɖo ŋu na wo bena: Miyi le ŋutifafa me! Miaƒe mɔ, si dzi miele la, dze Yehowa ŋu.
7
Tete ŋutsu atɔ̃awo dze mɔ heva Lais, eye wokpɔ bena, dukɔ, si le eme la, ti kpoo bɔkɔɔ, eye woɖe dzi ɖi abe Zidontɔwo ene, amea ɖeke mewɔ vɔ̃ wo o, eye nu bɔ ɖe wo si, wole didiƒe tso Zidontɔwo gbɔ, eye womebɔa ha kple amea ɖeke o.
8
Esi wogbɔ va wo nɔviwo gbɔ le Zora kple Estaol la, wo nɔviwo bia wo bena: Aleke miedee?
9
Woɖo ŋu bena: Mitso, ne míaho ɖe wo ŋu, elabena miekpɔ anyigba la, eye kpɔ ɖa, enyo ŋutɔ! Nukaŋuti mieli kpoo ale? Migawɔ ƒome le anyigba la xɔxɔ, ne wòanye mia tɔ ŋuti o!
10
Ne mieyi la, miage ɖe dukɔa ɖe, si li bɔkɔɔ la dome, eye anyigba la keke ta; elabena Mawu tsɔ anyigba, si dzi hiã metua ame le naneke me o la, de asi na mi.
11
Tete ŋutsu alafa ade, siwo bia akpa la, ho le Dan-viwo ƒe ƒome la me tso Zora kple Estaol.
12
Eye woho va ƒu asaɖa anyi ɖe Kiryat-Yearim le Yuda; eyata woyɔa teƒe ma vaseɖe egbe be Dan ƒe asaɖa; kpɔ ɖa, ele Kiryat-Yearim godo.
13
Woho tso afima heyi Efrayim-to la dzi, eye wova Mixa ƒe aƒe gbɔ.
14
Tete ŋutsu atɔ, siwo yi ɖatsa ŋku le Lais-nyigba dzi la, gblɔ na wo nɔviwo bena: Miawo hã mienyae bena, kɔmewu, aƒeli, aklama kpakpɛ kple legba le aƒe sia mea? Eyata mibu nusi miawɔ!
15
Tete woge ɖe me, eye wova Lewi-ɖekakpui la ƒe xɔ nu le Mixa ƒe me, eye wodo gbe nɛ.
16
Ke Dan-viwo dome ŋutsu alafa ade, siwo bia akpa la, tsi agbo la nu.
17
Eye ŋutsu atɔ̃, siwo ɖatsa ŋku anyigba dzi la, yi ɖage ɖe me, eye wotsɔ aklama kpakpɛ kple kɔmewu, aƒeli kple legba la, le esime nunɔla la kple ŋutsu alafa ade, siwo bla akpa la, tsi tre ɖe agboa nu.
18
Esi ame mawo ge ɖe Mixa ƒe me, eye wotsɔ aklama kpakpɛ kple kɔmewu, aƒeli kple legba ta, tete nunɔla la bia wo bena: Nuka wɔm miele le gama?
19
Wogblɔ ne bena: Zi ɖoɖoe! Tsɔ asi bu nu, eye yi kpli mí, ne nanye mia fofo kple míaƒe nunɔla! Esi nènye nunɔla ɖe ame ɖeka kolia ƒe aƒe nu la, eyae nyo wu esi nanye nunɔla ɖe to kple ƒome nu le Israel mahã?
20
Tete wòdze nunɔla la ŋu, eye wotsɔ kɔmewu la, aƒeli kple aklama kpakpɛ la, eye woge ɖe dukɔ la dome.
21
Emegbe wòtrɔ hedzo, eye wotsɔ ɖeviwo kple lãwo kpakple nu veviwo ɖo ŋgɔ.
22
Esi wode megbe le Mixa ƒe aƒe gbɔ la, woyɔ ŋutsu, siwo ƒe aƒe te ɖe Mixa ƒe aƒe ŋu la, eye wodze Dan-viwo yome.
23
Eye esi woyɔ Dan-viwo ɖa la, wonyè kɔ gblɔ na Mixa bena: Nya ka dzɔ, hafi nèyɔ amewo ƒo ƒu ale?
24
Eɖo ŋu na wo bena: Mietsɔ nye mawu, si mewɔ la, eye miekplɔ nunɔla hã dzoe. Nuka gakpɔtɔ nam, hafi miele biayem be, nya ka dzɔ?
25
Ke Dan-viwo gblɔ ne bena: Ɖe nu le mía ŋu, ne dɔmedzoetɔwo magadze mia dzi, eye woatsrɔ̃ mia kple aƒewòmetɔwo ƒe agbe o!
26
Tete Dan-viwo lé woƒe mɔ, eye esi Mixa kpɔ bena, wosesẽ wu ye la, etrɔ gbɔ va eƒe xɔ nu.
27
Ke woawo tsɔ nusi Mixa wɔ la, eye wokplɔ nunɔla, si le egbɔ la, ɖe asi, eye wodze Lais dzi; wowu dukɔ, si ɖe dzi ɖi li bɔkɔɔ la, kple yi, eye wòtɔ dzo du la.
28
Ke xɔnametɔa ɖeke meli o, elabena wole didiƒe tso Zidon gbo, womebɔ ha kple amea ɖeke o, eye wole bali, si ɖo ta Bet-Rexob la me. Tete wogbugbɔ du la tso, eye wonɔ me,
29
Eye wotsɔ ŋkɔ na du la bena Dan ɖe wo fofo Dan, amesi wodzi na Israel la, ƒe ŋkɔ nu; ke tsã la du la ŋkɔ nye Lais.
30
Dan-viwo li aklama kpakpɛ la, eye Yonatan, amesi nye Mose vi Gersom ƒe vi, kpakple viawo nye nunɔla na Dan-to la, vaseɖe esime woɖe aboyo wo tso anyigba la dzi.
31
Eye Mixa ƒe aklama kpakpɛ, si wòwɔ la, no wo si le ɣeyiɣi, siwo katã me Mawu ƒe aƒe la nɔ Silo.
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21