bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Mark 10
Mark 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 11 →
1
Yesu dzo le afi ma yi Yudea-nutowo me kple Yordan godo. Ameha gaƒo ƒu ɖe eŋu, eye wògafia nu wo abe ale si wòwɔna la ene.
2
Farisitɔ aɖewo va le etem kpɔ hebiae be: “Woɖe mɔ be ŋutsu nagbe srɔ̃a?”
3
Yesu bia wo be: “Se kae Mose de na mi?”
4
Wogblɔ be: “Mose ɖe mɔ be ŋutsu naŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ, ekema wòaɖe asi le srɔ̃a ŋu.”
5
Yesu gblɔ na wo be: “Miaƒe tosesẽ tae Mose ŋlɔ se sia na mi ɖo.
6
Tso xexeme ƒe gɔmedzedze me ke la, atsu kple asi Mawu wɔ.
7
Eya ta ame agblẽ tɔ́a kple nɔa ɖi, alé ɖe srɔ̃a ŋu.
8
Wo kple eve la woazu ame ɖeka, elabe tso esia dzi yina la, womeganye ame eve o, ke boŋ wozu ɖeka.
9
Eya ta nu si Mawu bla ɖekae la, migana ame nama eme o.”
10
Esi wotrɔ va aƒeme la, eƒe nusrɔ̃lawo gabia nu le nya sia ŋuti.
11
Yesu gblɔ na wo be: “Ne ame aɖe agbe srɔ̃a nyɔnu, eye wòaɖe bubu la, ewɔ ahasi ɖe eyama ŋuti.
12
Nenema ke ne nyɔnu gbe srɔ̃a, eye wòɖe ŋutsu bubu la, eya hã wɔ ahasi.”
13
Ame aɖewo kplɔ ɖeviwo gbɔna Yesu gbɔ, be wòada asi ɖe wo dzi, ke eƒe nusrɔ̃lawo he nya ɖe ameawo ŋu.
14
Esi Yesu kpɔe la, edo dziku, eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mina ɖeviawo nava gbɔnye; migaxe mɔ na wo o, elabe ame siawo ƒomevi tɔe nye mawufiaɖuƒe la.
15
Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si ke mexɔ Mawu ƒe fiaɖuɖu, abe ɖevi ene o la, mage ɖe Mawu ƒe fiaɖuƒe la me o.”
16
Tete wòxɔ ɖeviawo ɖe eƒe akɔnu, da asi ɖe wo dzi heyra wo.
17
Esi Yesu dze mɔ yina la, ame aɖe ƒu du va dze klo nɛ hebiae be: “Nufiala nyui, nu ka mawɔ akpɔ agbe mavɔ?”
18
Yesu gblɔ nɛ be: “Ale ke wɔ nèyɔm be ame nyui? Ame nyui aɖeke meli o, negbe Mawu ɖeka ko.
19
Ènya seawo be: ‘Mègawu ame o; mègawɔ ahasi o; mègafi fi o; mègaɖi aʋatsoɖase o; mègaba ame o; bu tɔ́wò kple nɔwò.’ ”
20
Amea gblɔ na Yesu be: “Nufiala, mewɔ esiawo katã dzi tso nye ɖevime ke.”
21
Yesu fɔ mo dzi kpɔe, hegblɔ nɛ be: “Nu ɖeka susɔ na wò; heyi nàdzra nu si le asiwò, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, ne nàva nɔ yonyeme.”
22
Esi ŋutsua se nya siawo la, eƒe mo da tu, eye wòdzo kple nuxaxa, elabe nu geɖe le esi.
23
Yesu tsa ŋku godoo hegblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Esesẽ ŋutɔ vavã na ame siwo nye kesinɔtɔwo la be woage ɖe Mawu ƒe fiaɖuɖu te!”
24
Esi nusrɔ̃laawo se nya siawo la, wotsi yaa; ke Yesu yi edzi gblɔ na wo be: “Vinyewo, asesẽ ŋutɔ na ame siwo ɖoa dzi ɖe kesinɔnuwo ŋu la, be woage ɖe Mawu ƒe fiaɖuɖu la me!
25
Ele bɔbɔe na kposɔ be wòato abui ƒe vo me wu, be kesinɔtɔ nage ɖe Mawu ƒe fiaɖuɖu la me.”
26
Nya siawo wɔ nuku na eƒe nusrɔ̃lawo ŋutɔŋutɔ, eye wobia wo nɔewo be: “Ekema ame ka gɔ̃e woate ŋu axɔ ɖe agbe?”
27
Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ be: “Amegbetɔwo gbɔ la, esia mate ŋu ava eme o, ke mele nenema le Mawu ya gbɔ o, elabe Mawu ya te ŋu wɔa nu sia nu.”
28
Tete Petro de asi gbɔgblɔ me nɛ be: “Kpɔ ɖa, míawo ya míegblẽ nuwo katã ɖi hedze yowòme.”
29
Yesu gblɔ be: “Nyateƒe tututu tom mele na mi, be ame sia ame si gblẽ eƒe aƒe alo nɔvia ŋutsuwo, alo eƒe agblewo ɖi le nye kple Nyanyui la ta la,
30
axɔ teƒeɖoɖo geɖe wu le ɣeyiɣi sia me. Woaɖo xɔ, nɔviŋutsu, nɔvinyɔnu, nɔ, vi kple anyigba siwo katã wògblẽ ɖi la teƒe nɛ zi alafa, hekpe ɖe yometiti ŋu, eye le ɣeyiɣi si le vava ge la me la, akpɔ agbe mavɔ.
31
Ke ame geɖe siwo nye gbãtɔwo la lava zu mlɔetɔwo, eye mlɔetɔwo lava zu gbãtɔwo.”
32
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ yina Yerusalem azɔ. Yesu dze wo ŋgɔ, eye esia wɔ mo yaa na wo; ame siwo dze wo yome la le vɔvɔ̃m. Egayɔ nusrɔ̃la wui eveawo va eɖokui gbɔ, eye wògade asi nu siwo le dzɔdzɔ ge ɖe edzi la gbɔgblɔ me na wo be:
33
“Miɖo to ne miasee ɖa! Míeyina Yerusalem; woatsɔ Amegbetɔ Vi la ade asi na nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo; woatso kufia nɛ, eye woadee asi na ame siwo menye Yudatɔwo o la.
34
Woaɖu fewu le eŋu, aɖe ta ɖe eŋu, woaƒoe kple atam, eye woawui; ke le ŋkeke etɔ̃a gbe la afɔ ɖe tsitre.”
35
Yakobo kple Yohanes, Zebedeo viawo, te ɖe Yesu ŋu gblɔ nɛ be: “Nufiala, míedi be nàwɔ nu si ke míabia wò la na mí.”
36
Ebia wo be: “Nu ka dim miele be mawɔ na mi?”
37
Wogblɔ nɛ be: “Ne èɖo wò ŋutikɔkɔe me la, nàna be mía dometɔ ɖeka nabɔbɔ nɔ wò ɖusime, eye evelia nanɔ wò miame.”
38
Yesu gblɔ na wo be: “Mienya nu si biam miele la o. Ɖe miate ŋu ano nu le veve ƒe kplu si nu mele nu no ge le la, alo axɔ mawutsilele si woale nam la?”
39
Woɖo eŋu nɛ be: “Míate ŋui.” Yesu gblɔ na wo be: “Miano nu le kplu si nu mele nu no ge le; mawutsi, si woale nam la, woalee na miawo hã ya.
40
Gake be mianɔ anyi ɖe nye ɖusime alo miame la, eya menye nyee aɖe mɔ le eŋuti o. Ame siwo wodzrae ɖo ɖi na la tɔ wònye.”
41
Esi ame ewoawo se Yakobo kple Yohanes ƒe biabia la la, wodo dziku ɖe wo ŋu.
42
Yesu yɔ wo va eɖokui gbɔ gblɔ na wo be: “Mienyae be ame siwo wobuna be wonye tatɔwo na trɔ̃subɔlawo la ɖua amegã ɖe wo dzi, eye woƒe kplɔlawo kpɔa ŋusẽ blibo ɖe wo dzi.
43
Ke meganɔ nenema le miawo ya mia dome o. Ame si di be yeanye amegã le mia dome la, nanye miaƒe subɔla,
44
eye ame si ke di be yeanye gbãtɔ le mia dome la, nanye amewo katã subɔla.
45
Elabe Amegbetɔ Vi la gɔ̃ hã meva be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ amewo, eye yeatsɔ yeƒe agbe ana, bene woaxɔ ame geɖe.”
46
Wova ɖo Yerixo. Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo kpakple ameha gã aɖe dzo le Yerixo-dua me yina la, Bartimeo, Timeo vi, si nye nubiala ŋkuagbãtɔ la, nɔ anyi ɖe mɔ to.
47
Esi wòse be Yesu Nazaretetɔ lae va yina la, ede asi ɣlidodo me be: “Yesu, David Vi, kpɔ nublanui nam!”
48
Ame geɖewo nyra ɖee be nezi ɖoɖoe. Ke eya do ɣli sesĩe ɖe edzi wu be: “David Vi lee, kpɔ nublanui nam dzro!”
49
Yesu tɔ hegblɔ be: “Miyɔe ɖa.” Woyɔ ŋkuagbãtɔ la, gblɔ nɛ be: “Wò dzi nedze eme. Tso va; ele yɔwòm.”
50
Eɖe asi le dziwui si le eŋu la ŋu ƒu gbe, eye wòti kpo va Yesu gbɔ.
51
Yesu biae be: “Nu ka nèdi be mawɔ na ye?” Ŋkuagbãtɔ la gblɔ nɛ be: “Nufiala, na makpɔ nu.”
52
Yesu gblɔ nɛ be: “Heyi; wò xɔse da gbe le ŋuwò.” Enumake ŋkuagbãtɔ la ƒe ŋku ʋu, eye wòdze Yesu yome le mɔa dzi.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16