bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Mark 13
Mark 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 14 →
1
Yesu do go le mawuxɔa me yina, eye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka yɔe gblɔ be: “Nufiala, kpɔ ɖa! Kpeɖoɖo kple xɔtutu siawo menyale kpɔkpɔm ŋutɔ oa?”
2
Yesu gblɔ nɛ be: “Èle xɔ gagã siawo kpɔma? Womele kpeɖoɖo gblẽ ge ɖe kpeɖoɖo dzi si womakaka aƒu anyi o.”
3
Esi Yesu bɔbɔ nɔ Amito la dzi hedze ŋgɔ mawuxɔa la, Petro, Yakobo, Yohanes kple Andrea biae dzaa be:
4
“Ɣe ka ɣi nu siawo lava dzɔ? Nu kae anye dzesi be nu siawo katã ƒe ɣeyiɣi ɖo? Gblɔe na mí.”
5
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Mikpɔ nyuie be ame aɖeke nagakplɔ mi atrae o.
6
Ame geɖewo atsɔ nye ŋkɔ ɖe nu ava gblɔ be: ‘Nyee nye Kristo la!’ eye woakplɔ ame geɖewo atrae.
7
Ke ne miese aʋawɔwɔ alo aʋawɔwɔ ŋu nyawo la, dzika megatso mia ƒo o; ele be nu siawo nava eme, gake xexea me ƒe nuwuwu la meɖo haɖe o.
8
Dukɔwo lawɔ aʋa kple wo nɔewo, eye fiaɖuƒewo latsi tre ɖe wo nɔewo ŋu. Anyigba laʋuʋu le teƒeteƒewo, eye dɔ ato. Ke nu siawo le ko abe fúɖuame ƒe gɔmedzedze ene.
9
“Gake mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, elabe woatsɔ mi ade asi na ʋɔnudrɔ̃lawo; woaƒo mi le ƒuƒoƒewo; woana miatsi tsitre ɖe mɔ́mefiawo kple dufiawo ŋkume le tanye, bene miaɖi ɖase na wo,
10
eye ele be woaɖe gbeƒã Nyanyui la na dukɔwo katã gbã.
11
Ne wode mi asi hekplɔ mi yi ʋɔnudrɔ̃ƒe la, migatsi dzimaɖi do ŋgɔ, le nya si gblɔ ge miala la ŋuti o; ke migblɔ nya si woana mi le ɣe ma ɣi me la ko, elabe menye miawo ŋutɔe aƒo nu o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae.
12
Nɔvi ade nɔvi asi be woawu, tɔ́ lade vi asi, ɖeviwo ladze aglã ɖe wo dzilawo ŋu, eye woade wo asi be woawu.
13
Amegbetɔƒomea katã lalé fu mi le tanye. Ke ame si lado dzi sesĩe va se ɖe nuwuwu la, woaxɔe ɖe agbe.
14
“Gbã, ne miekpɔ ‘Aƒegbãnu dziŋɔ’ si ŋu woƒo nu na mi le, wòle teƒe si medze be wòanɔ o la”, (Wò agbalẽxlẽla, se nya sia gɔme nyuie!) “ekema ame siwo le Yudea la, nasí ayi toawo dzi.
15
Ame si le xɔta la megaɖi va anyi be yeayi xɔ me naneke tsɔ ge o.
16
Ame si le agble me la, megatrɔ va agbledzɔxɔ me be yeatsɔ awu o.
17
Baba na funɔwo kple ame siwo le no nam vidzĩwo le ɣe ma ɣi me.
18
Mido gbe ɖa be nu siawo nagava le vuvɔŋɔli o.
19
Elabe fukpekpe, si ƒomevi meva kpɔ tso xexea me ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o, eye megale vava ge akpɔ o lae ava le ɣe ma ɣi me.
20
Aƒetɔ la ɖe ɣeyiɣia dzi kpɔtɔ. Ɖe menye nenema o la, anye ne amegbetɔ aɖeke matsi agbe o; gake le ame tiatia siwo dzi wòda asi ɖo la ta la, etò ɣeyiɣia ɖe eme.
21
Ne ame aɖe agblɔ na mi be: ‘Kpɔ ɖa, Kristo la le afii!’ alo ‘Ele afi mɛ!’ la, migaxɔe se o.
22
Aʋatsokristowo kple aʋatsogbeƒãɖelawo lado, eye woaɖe dzesiwo kple nukunuwo afia be ne woate ŋui la, woaflu ame tiatiawo.
23
Minɔ ŋudzɔ! Eya tae medo ŋgɔ gblɔ nya siawo katã na mi ɖo.”
24
“Le fukpekpe mawo megbe la, ava eme be ɣe ado viviti, eye ɣleti magaɖi o.
25
Ɣletiviwo age tso dziƒo eye ŋusẽ siwo lé dziƒowo ɖe te la agli.
26
Mlɔeba la, woakpɔ Amegbetɔ Vi la le alilikpowo me wòagbɔna kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe gã.
27
Tete wòadɔ dɔlawo ɖa, eye woaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu, tso xexea me ƒe dzogoe eneawo dzi, tso keke anyigba ƒe seƒe yi ɖase dziƒo ƒe seƒe ke.”
28
“Ke misrɔ̃ nu tso gboti ƒe alɔdzedze gbɔ. Ne edze alɔ fɛ̃wo, eye wòɖe ɖɔ heto aŋgbawo ko la, ekema miedzea sii be dzomeŋɔli tu aƒe.
29
Nenema ke ne miekpɔ nu siawo le eme vam la, minyae be ɣeyiɣia tu aƒe; eɖo keke agboa nu ke.
30
Mele egblɔm na mi le nyateƒe me, be dzidzime sia nu mele yiyi ge hafi nu siawo katã nava eme o.
31
Dziƒo kple anyigba nu lava yi, gake nye nyawo nu mava yi akpɔ gbeɖe o.
32
“Ke ŋkeke ma alo gaƒoƒo ma la, ame aɖeke menyae o. Mawudɔla siwo le dziƒo hã menyae o. Vi la ŋutɔ gɔ̃ hã menyae o. Tɔ́ la dzaa koe nyae.
33
Mikpɔ nyuie, ne mianɔ ŋudzɔ, elabe mienya ɣeyiɣi si nu siawo lava ve me la o.
34
Nu blibo la le abe ame aɖe si yina ɖe mɔzɔzɔ, eye wògblẽ eƒe aƒe ɖe dɔlawo si me la ene. Ena ŋusẽ wo, eye wòna dɔ wo, ame sia ame kple etɔ. Ede se na agbonudzɔla be wòanɔ ŋudzɔ.
35
Eya ta minɔ ŋudzɔ; elabe mienya ɣeyiɣi si dzi tututu aƒetɔ la agbɔ o. Ate ŋu anye fiẽ, alo zã titina, alo ne koklo ku atɔ, alo ne agu dze la.
36
Ne miele ŋudzɔ o, eye wòva ɖo kpata, heɖi ɖe mi la, ava tu mi le alɔ̃ me.
37
Nya si gblɔm mele na mi la, eya ke gblɔm mele na amewo katã be, ‘Minɔ ŋudzɔ.’ ”
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16