bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Mark 12
Mark 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 13 →
1
Yesu ƒo nu na wo le lododowo me gblɔ be: “Ame aɖe de waingble. Edo ati tɔ kpɔ ƒo xlãe, eye wòtu wainfiãƒe ɖe eme. Etu agbledzɔxɔe ɖe eme, hetsɔe de asi na agbledzikpɔlawo eye wòdzo yi anyigba bubu dzi.
2
Esi nuŋeɣi ɖo la, edɔ eƒe dɔla ɖe agblea dzikpɔlawo gbɔ, be woaɖo waintsetseawo ƒe ɖe, ɖe ye.
3
Ke woawo lé dɔla la, ƒoe, eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlui.
4
Egadɔ dɔla bubu ɖe wo gbɔ. Wode abi eya ƒe ta ŋu, eye wodo ŋukpee.
5
Agbletɔ la gadɔ ame bubu ɖa; ke wowu eya. Nenema ke wotu nu kple dɔla bubuwo hãe. Woƒo ɖewo, eye wowu ɖewo.
6
Ame ɖeka ganɔ esi, si nye via si gbɔ melɔ̃a nu le o. Mlɔeba la, egblɔ be: ‘Woabu vinye ya’ eye wòɖoe ɖe agble la me.
7
Ke agbledzikpɔlaawo gblɔ na wo nɔewo be: ‘Ame si gbɔna doa me nyi ge lae nye esi. Miva ne míawui, bene domenyinu la nazu mía tɔ.’
8
Tete wolée, wui eye wokɔe ƒu gbe ɖe waingble la godo.”
9
Yesu bia ameawo be: “Nu ka miesusu be waingbletɔ la awɔ azɔ? Agbɔ ava eye wòatsrɔ̃ agbledzikpɔla siawo, eye wòatsɔ waingble la ade asi na ame bubuwo.
10
Ɖe miexlẽ mawunya sia kpɔ oa? ‘Kpe si xɔtulawo gbe la eya kee va zu dzogoedzikpe la;
11
Aƒetɔ lae wɔ esia. Ewɔ nuku na mí ale gbegbe!’ ”
12
Yudatɔwo ƒe amegãwo kpɔ be yewo ŋu Yesu do lo sia ɖo, ale wodi be woalée, ke wonɔ vɔvɔ̃m na ameha la, eya ta wogblẽe ɖi hedzo.
13
Wodɔ Farisitɔ aɖewo kple Herodes-habɔbɔmenɔla aɖewo ɖo ɖe Yesu gbɔ, be woalée le eya ŋutɔ ƒe nuƒoƒo me.
14
Wova gblɔ nɛ be: “Nufiala, míenyae be ètoa nyateƒe, eye mèvɔ̃na o, elabe mèkpɔa ame ŋkume o, ke boŋ Mawu ƒe didi na amegbetɔ nèfiana nyateƒetɔe. Ele se nu be míadzɔ duga na Roma Fiagã loo, alo mele se nu oa? Mína adzɔ loo, alo mígana oa?”
15
Yesu dze si woƒe alakpa, eya ta egblɔ na wo be: “Nu ka ta miele teyem kpɔ? Mitsɔ klosaloga la vɛ ne makpɔ.”
16
Wotsɔ ga la vɛ. Ebia wo be: “Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔe nye esia le edzi?” Woɖo eŋu nɛ be: “Roma Fiagã la tɔwoe.”
17
Tete Yesu gblɔ na wo be: “Mitsɔ nu siwo nye Roma Fiagã tɔ la na Roma Fiagã, eye nu siwo nye Mawu tɔ la, mitsɔ wo na Mawu.” Ale woƒe nu ku le Yesu ŋuti.
18
Zadukitɔwo, ame siwo gblɔna be ame megafɔna tsoa ku me o la, va Yesu gbɔ, biae be:
19
“Nufiala, Mose ŋlɔe ɖi na mí be, ne ŋutsu aɖe nɔvi ku hegblẽ srɔ̃nyɔnu, si medzi vi aɖeke nɛ o la ɖi la, ekema ameyinugbea nɔviŋutsu naɖe ahosi la, be wòado ƒome ɖi na nɔvia si ku la.
20
Eva eme be nɔvi adrẽ nɔ anyi. Gbãtɔ ɖe srɔ̃, ke medzi vi aɖeke hafi ku o.
21
Nɔvi evelia ɖe ahosia. Eya hã medzi vi kple ahosi la hafi ku o. Nɔvi etɔ̃lia hã tɔ va eme nenema ke.
22
Wo ame adrẽawo katã medzi vi aɖeke kple nyɔnu la o. Mlɔeba la, nyɔnua hã ku.
23
Le tsitretsigbe, ne ameawo fɔ agbagbee tso ku me la, esi ŋutsu adrẽawo katã ɖee kpɔ ɖe, wo dometɔ ka srɔ̃ nye ge nyɔnu sia ala?”
24
Yesu gblɔ na wo be: “Mieda ƒú, elabe mienya mawunyaawo o. Gawu la, miedze si Mawu ƒe ŋusẽ hã o.
25
Elabe ne wotsi tsitre tso ame kukuwo dome la, srɔ̃ɖeɖe ƒe nya aɖeke megali o; ke boŋ amewo anɔ abe mawudɔla, siwo le dziƒowo la ene.
26
Ke le ame kukuwo ƒe fɔfɔ ɖe tsitre agbagbee ŋuti la, ɖe miexlẽ nya si Mawu gblɔ le ŋuve la me le Mose ƒe agbalẽ me kpɔ oa? Mawu gblɔ na Mose be: ‘Nyee nye Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu la.’
27
Menye ame kukuwo ƒe Mawu ye o, ke boŋ agbagbeawo tɔ wònye. Mieda ƒú ŋutɔ!”
28
Agbalẽfialawo dometɔ ɖeka nɔ afi ma se ale si wowɔ nusesĩ kple wo nɔewo. Ekpɔ be Yesu ɖo nya la ŋu na Zadukitɔwo nyuie. Ale eya bia Yesu be: “Se kae nye se vevitɔ le seawo katã dome?”
29
Eɖo eŋu nɛ be: “Wo dometɔ gbãtɔe nye: ‘O, Israel, see! Aƒetɔ mía Mawu la ɖeka koe nye Aƒetɔ.
30
Eya ta nàlɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ blibo.’
31
Se vevi eveliae nye: ‘Lɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃ ɖokuiwò ene.’ Se bubu aɖeke megali si le vevie wu esiawo o.”
32
Agbalẽfiala la gblɔ nɛ be: “Nufiala, nyateƒe, ègblɔe wòde pɛ, be Mawu ɖekae li; bubu aɖeke megali kpe ɖe eyama ŋu o,
33
eye be ame nalɔ̃e kple dzi blibo kple gɔmesese blibo kple eƒe ŋusẽ blibo, eye wòalɔ̃ ehavi abe ale si wòlɔ̃ eya ŋutɔ ɖokui ene. Esia wɔwɔ de blibo sãa wu numemewo kple vɔsasawo katã.”
34
Esi Yesu kpɔ be agbalẽfiala la ɖo nya la ŋu nunyatɔe la, egblɔ nɛ be: “Mèle adzɔge tso mawufiaɖuƒe la gbɔ kura o.” Nu siawo megbe la, ame aɖeke megado dzi bia nya aɖeke Yesu o.
35
Yesu yi edzi fia nu le mawuxɔa me gblɔ be: “Ale ke wɔ agbalẽfialawo ate ŋu agblɔ be Kristo la, David ƒe dzidzimevi ko wònye mahã?
36
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na David ŋutɔ gblɔ be: ‘Mawu gblɔ na nye Aƒetɔ be: bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye ɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo ade wò afɔ te.’
37
Esi David ŋutɔ yɔe be ‘Aƒetɔ’ la, ale ke wɔ Kristo la aganye via?” Ameha gã la se Yesu ƒe nyawo dzidzɔtɔe.
38
Eyi eƒe nufiafia dzi gblɔ be: “Mikpɔ nyuie le agbalẽfialawo ŋuti, wolɔ̃a tsaɖiɖi le awu ʋlayawo me; wodina be amewo nado gbe na yewo bubutɔe le ablɔwo dzi.
39
Wolɔ̃a zikpui vevitɔwo dzi nɔnɔ le ƒuƒoƒewo kple bubunɔƒewo nɔnɔ le nuɖuƒe.
40
Ke woawoe baa ahosiwo, eye woxɔa woƒe aƒewo le wo si. Wowɔa ameŋkumenu henɔa gbe legbewo dom ɖa. Woƒe tohehe asesẽ wu ame sia ame tɔ!”
41
Yesu bɔbɔ nɔ anyi hedze ŋgɔ nudzɔɖaka la, eye wòlé ŋku ɖe ale si amewo le ga dam ɖe nudzɔɖaka la me la ŋu. Kesinɔtɔ geɖewo da ga home gãwo ɖe eme.
42
Ahosi dahe aɖe va, eye wòtsɔ gaɖuɖua suetɔ kekeake, eve, de nudzɔɖaka la me.
43
Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒo ƒu gblɔ na wo be: “Nyateƒe tututu tom mele na mi, be ahosi dahe sia ƒe nu si wòda ɖe aɖaka la me la, wu esi ame bubuawo katã tsɔ de nudzɔɖaka la me.
44
Elabe ame siawo katã ƒe nunana tso nu si woɖu kpɔtɔ la me, ke ahosi sia, si da ahe ale gbegbe ya la, nu si dzi wòanɔ agbe ɖo la katãe nye ema wòtsɔ na.”
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16