bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Mark 3
Mark 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 4 →
1
Yesu gayi ƒuƒoƒe aɖe, eye ame aɖe si siti lé asi na la nɔ afi ma.
2
Wonɔ ŋudzɔ nɛ be ada gbe le Dzudzɔgbe la mahĩ, ne yewoatsɔ nya ɖe eŋuti.
3
Yesu gblɔ na ame si siti lé asi na la be: “Tsi tre, nàte va ŋgɔ.”
4
Yesu bia wo be: “Se la ɖe mɔ be woawɔ nu nyui le Dzudzɔgbe loo, alo woawɔ nuvɔ̃a? Be woaxɔ ame ɖe agbe loo, alo woaɖe asi le eŋu wòakua?” Ke wozi kpi.
5
Yesu tsa ŋku le wo dzi godoo kple dziku, hexa nu le woƒe tamesesẽ ŋuti, eye wògblɔ na ame la be: “Mlo asi!” Emloe, eye eƒe asi la ɖɔ ɖo.
6
Tete Farisitɔwo do go yi ɖade adaŋu kple Herodes yomedzelawo ɖe Yesu ŋu be yewoawui.
7
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le afi ma yi ɖe tá la to, eye ameha gã aɖe tso Galilea kplɔ wo ɖo.
8
Ame geɖe, siwo hã se nu siwo wòwɔ la, tso Yudea, Yerusalem, Idumea kple Yordan godo kpakple Tiro kple Sidon nutowo me va egbɔ.
9
Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woadi tɔdziʋu aɖe ada ɖi na ye bene ameha la nagamimi ye ɖo o.
10
Eda gbe le ame geɖewo ŋu, eya ta ame siwo katã le dɔ lém la nyè zi ɖe edzi, be yewoaka asi eŋu.
11
Ne gbɔgbɔ makɔmakɔwo kpɔe ko la, wodzea anyi ɖe eƒe afɔnu, eye wodoa ɣli gblɔna be: “Wòe nye Mawu Vi la!”
12
Ke eya de se na wo vevie be womegana amewo nava dze si ye o.
13
Yesu yi tonyigba la dzi, eye wòyɔ ame siwo eya ŋutɔ di la, woyi kplii.
14
Eɖo ame wui eve, siwo wòtsɔ ŋkɔ na be Amedɔdɔwo, be woanɔ ye ŋuti ne yeadɔ wo aɖo ɖa, woaɖe gbeƒã,
15
eye ŋusẽ nanɔ wo si ne woanyà gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe.
16
Ale wòɖo ame wui eveawo. Woawoe nye: Simon, ame si wòtsɔ ŋkɔ na be Petro;
17
Yakobo, Zebedeo vi kple Yohanes, Yakobo nɔvi. Eda ŋkɔ ɖe woawo dzi be Dziɖegbeviwo;
18
Andrea kple Filipo, Bartolomeo kple Mateo, Toma kple Yakobo si nye Alfeo vi, Tadeo kple Simon, si nye Ɖokuisinɔnɔdilawo ƒe habɔbɔmenɔla,
19
kpakple Yuda Iskariot, ame si va dee asi. Yesu trɔ va aƒeme,
20
eye ameha aɖe gava ɖi anyi. Ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be eya kple eƒe nusrɔ̃lawo mevo aɖu nu gɔ̃ hã o.
21
Esi eƒe ƒometɔwo see la, woyi be yewoakplɔe, elabe amewo le gbɔgblɔm be: “Eƒe tagbɔ le gbegblẽm.”
22
Agbalẽfiala siwo tso Yerusalem va la gblɔ be: “Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia xɔ aƒe ɖe eme, eye eya dzie wòtona nyàa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa goe.”
23
Eyɔ wo va eɖokui gbɔ, eye wòƒo nu na wo le lododowo me be: “Ale ke Abosam ate ŋu anyà eɖokui ado goe?
24
Ne fiaɖuƒe aɖe tsi tre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ekema fiaɖuƒe ma mate ŋu ali ke o.
25
Nenema ke ne aƒe aɖe me tɔwo ama ɖe eve ɖe wo nɔewo ŋuti la, ekema aƒe ma mate ŋu anɔ te o.
26
Ne Abosam tsi tre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋuti, eye wòma la, magate ŋu anɔ anyi o, ke eƒe nuwuwue nye ekema.
27
Ame aɖeke mate ŋu age ɖe ŋusẽtɔ aɖe ƒe aƒeme ko, aha eƒe nuwo o; negbe ɖeko wòabla ŋusẽtɔ la gbã hafi ate ŋu aha eƒe aƒe.”
28
“Mele egblɔm na mi le nyateƒe me, be woatsɔ ame ƒe nuvɔ̃ ɖe sia ɖe kple busunya, siwo wògblɔna la akee;
29
gake ame sia ame si agblɔ busunya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe akee akpɔ gbeɖe o, elabe eɖi fɔ; ewɔ nuvɔ̃ si anɔ anyi ɖikaa.”
30
Egblɔ nya siawo, elabe wogblɔ be: “Gbɔgbɔ makɔmakɔ le eme.”
31
Yesu nɔ kple Yesu nɔviŋutsuwo va tsi tsitre ɖe xexe, eye wodɔ ame be woayɔe ɖa.
32
Ameha la nɔ anyi ƒo xlãe godoo va kpe. Wova gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, nɔwò kple nɔviwòwo le xexe, le diwòm.”
33
Ke ebia wo be: “Ame kawoe nye nɔnye kple nɔvinyewo?”
34
Ekpɔ ame siwo nɔ anyi ƒo xlãe godoo la dzi ɖa hegblɔ be: “Mikpɔ nɔnye kple nɔvinyewo ɖa! Woawoe nye esiwo le afii.
35
Ame sia ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, eyae nye nɔvinye kple nɔnye.”
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16