bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Mark 16
Mark 16
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
1
Esi Dzudzɔgbe la va yi la, Maria Magdalatɔ kple Maria, Yakobo nɔ kpakple Salome, woƒle atike ʋeʋẽe lílilĩ aɖe be yewoayi aɖasi na Yesu ƒe kukua.
2
Le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdi kanya, esi ɣe dze la, woyi ɖe yɔdo la gbɔ.
3
Wonɔ wo nɔewo biam le mɔa dzi be: “Ame kae amli kpe la ɖa le yɔdo la nu na mí?”
4
Kpe la lolo ŋutɔ. Ke esi wofɔ ta dzi la, wokpɔ be womlii ɖa xoxo.
5
Woge ɖe yɔdo la me. Tete wokpɔ ɖekakpui aɖe wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe ɖusime le awu ʋlaya ɣi me. Ewɔ nuku na wo ŋutɔ.
6
Ɖekakpuia gblɔ na wo be: “Yesu Nazaretetɔ, ame si woklã ɖe ati ŋuti la dim miele. Etsi tsitre. Mele afi sia o; esia megawɔ mo yaa na mi o. Mikpɔ afi si wotsɔe mlɔ la ɖa.
7
Miheyi ɖagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo kple Petro hã be, edze mia ŋgɔ yi Galilea, afi mae miakpɔe le abe ale si wògblɔe na mi la ene.”
8
Nyɔnuawo ƒu du do go le yɔdo la me. Wolulu hele ƒoƒom tititi kple vɔvɔ̃. Wovɔ̃ ale gbegbe be womekɔ nu le nya la dzi na ame aɖeke o. [
9
Azɔ esi Yesu fɔ tso ame kukuwo dome ŋdi kanya le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, eɖe eɖokui fia Maria Magdalatɔ, ame si me wònyà gbɔgbɔ vɔ̃ adrẽ do goe le la gbã.
10
Eya yi ɖagblɔ nya la na ame siwo nɔ Yesu yome tsã. Ame siawo nɔ konyi fam nɔ avi fam;
11
ke togbɔ be wose be Yesu fɔ, hele agbe, eye be Maria ŋutɔ kpɔe hã la, womexɔe se o.
12
Esia megbe la, Yesu ɖe eɖokui fia wo dometɔ eve siwo ɖi tsa yina agbleta la, ke womedze sii gbã o.
13
Wotrɔ va ka eta na wo tɔ mamlɛawo; gake womexɔ woawo hã ƒe nya dzi se o.
14
Emegbe la, Yesu ɖe eɖokui fia ame wuiɖekɛawo ŋutɔ, esime wole nuɖuƒe, eye wòhe nya ɖe wo ŋu le woƒe dzimaxɔse kple tosesẽ ta, elabe womexɔ ame siwo kpɔe agbagbee la ƒe nya dzi se o.
15
Egblɔ na wo be: “Miyi xexe blibo la me, eye miɖe gbeƒã Nyanyui la na dzɔdzɔme blibo la.
16
Ame si ke xɔe se, eye wole mawutsi nɛ la, woaxɔe ɖe agbe, ke ame si mexɔe se o la, woabu fɔe.
17
Dzesi siawo lava eme to ame siwo xɔe se la dzi: To nye ŋusẽ me woanyà gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe; woagblɔ gbe yeyewo.
18
Woalé da, eye ne wono aɖi hã la, masi wo o. Woada asi ɖe dɔnɔwo dzi, eye woƒe lã me asẽ.”
19
Esi Yesu, Aƒetɔ la, ƒo nu na eƒe nusrɔ̃lawo vɔ la, wokɔe yi dziƒo, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe ɖusime.
20
Nusrɔ̃laawo yi ɖaɖe gbeƒã Nyanyui la le afi sia afi. Aƒetɔ la wɔ dɔ kpli wo, eye wòɖo kpe nya la dzi kple dzesi siwo va eme la.] [ Nyɔnuawo yi ɖaka nya si wògblɔ na wo la ta na Petro kple ame siwo le egbɔ la enumake. Esia megbe la, Yesu ŋutɔ to eƒe nusrɔ̃lawo dzi ɖe gbeƒã xɔxɔ mavɔ ƒe Nyanyui, nya kɔkɔe, si mate ŋu atsrɔ̃ o la, tso keke ɣedzeƒe yi ɖase ɖe ɣetoɖoƒe ke.]
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16